Futɔ la gblɔ dadatɔe be, ‘Mati wo yome, matu wo, mama woƒe afunyinuwo. Mana nye didi ɖe wo ŋuti nava eme. Maɖe nye yi tso aku me, eye nye asi atsrɔ̃ wo.’
Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tu woƒe towo, eye nàmia woƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, woava kpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, ase nu kple woƒe towo, ase nu gɔme kple woƒe dziwo, eye woatrɔ akpɔ dɔyɔyɔ.”
Elabena ame siawo ƒe dziwo ku atri; woƒe towo hã mesea nu o, eye womiã woƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, woakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, ase nu kple woƒe towo, ase nu gɔme kple woƒe dziwo, woatrɔ ɖe ŋunye eye mayɔ dɔ wo.’
Elabena miaƒe dziwo ku atri, miaƒe towo sẽ, eye miesea nu o, eye miemiã miaƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, miakpɔ nu, kple miaƒe ŋkuwo, ase nu kple miaƒe towo, ase nu gɔme kple miaƒe dziwo, eye miatrɔ ɖe ŋunye, eye mada dɔ na mi.’