Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 17:1 - Agbenya La

1 See, O! Yehowa, ɖo to nye ɣlidodo kple nye dzɔdzɔenyenye ƒe kukuɖeɖe. Ƒu to anyi ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe gbedodoɖa. Yehowa, se nye dzɔdzɔe, ɖo to nye ɣlidodo, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o la ŋuti!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 17:1
31 Mawu Ofanana  

Nyemeɖi fɔ le eŋkume o eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ.


Azɔ la, nye ŋkuwo anɔ ʋuʋu eye nye towo anɔ te ɖe gbe ɖe sia ɖe si woado ɖa le teƒe sia ŋuti.


Wò to nenɔ te, eye wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu be nàse gbe si dom wò dɔla le ɖa zã kple keli le ŋkuwòme, ɖe wò dɔlawo, Israel dukɔ ta. Meʋu nu vɔ̃ siwo mí Israelviwo, nye ŋutɔ kple fofonye ƒe aƒe míewɔ ɖe ŋuwò la me.


evɔ nye asiwo mewɔ nu tovo aɖeke o eye nye gbedodoɖa hã dza hafi.


Mègaɣla wò ŋkume ɖem, ne mele xaxa me o. Trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba.


Menya be Yehowa tsoa afia na ame dahewo, eye wòxɔa nya ɖe hiãtɔwo nu.


Medo ɣli na Yehowa sesĩe, eye mekɔ nye gbe dzi na Yehowa be wòakpɔ nye nublanui.


Ɖo to nye ɣlidodo, elabena meɖo xaxa me ŋutɔ. Ɖem tso ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me, elabena wosesẽ nam akpa.


O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, lé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu, eye nàxɔ nam le wò nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye ta.


Yehowa tsɔ ɖe ame siwo yɔnɛ la gbɔ, ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me.


Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu, eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza la ta.


Ne wose ŋkɔnye ko la, woɖoa tom, eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã dzona nyanyanya le nye ŋkume.


O! Mawu, tso afia nam, eye nàʋli tanye le mawumavɔ̃lawo dome, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ƒe asi me.


Fianye kple Mawunye, ɖo to nye ɣlidodo, elabena wòe mele gbe dom ɖa na.


Mawu nye nye xɔnametɔ vavã, Aƒetɔ lae nye ame si lém ɖe asi.


Eɖem tso aʋa si le edzi yim kplim la me le dedinɔnɔ me, togbɔ be ame geɖewo tso ɖe ŋutinye hã.


Se nye ɣlidodo, O Mawu, eye nàlé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu.


Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi,


gake Mawu ɖo tom vavã, eye wòse nye gbe le gbedodoɖa me.


na be Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la. O! Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye ta, O! Dziƒoʋĩtɔ, tso afia nam le nye nuteƒewɔwɔ ta.


O! Mawu, nye kɔ nàkpɔ míaƒe akpoxɔnu, eye nakpɔ wò amesiamina la kple amenuveve.


Ɖo tom, O Yehowa, eye nàtɔ nam, elabena meda ahe, eye hiã tum.


O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nàlé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu.


elabena nye luʋɔ yɔ fũu kple xaxawo, eye nye agbe ɖo kudo nu.


Ale Aƒetɔ la gblɔ nye esi, “Ame siawo te va gbɔnye kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nyawo de bubu ŋunye, ke woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye. Subɔsubɔ si wotsɔna nam la nye amegbetɔwo ƒe nuɖoɖo siwo wofia wo,


Le esiawo katã megbe hã la, nɔvia nyɔnu, Yuda, godzela, metrɔ va gbɔnye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu.” Yehowae gblɔe.


“ ‘Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye.


Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la, egblɔ be, “Israelvi vavã si me alakpa aɖeke mele o lae nye esi gbɔna.”


Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne míaƒe dziwo mebu fɔ mí o la, dzideƒo le mía si le Mawu ŋkume,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa