Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 16:5 - Agbenya La

5 Yehowa, èɖo tɔnye gome kple nye kplu da ɖi nam; èna nye gomekpɔkpɔ le dedie nam.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Yehowa enye nye domenyinu kple nye kplu me nu; ele nye dzidzenu de asi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 16:5
28 Mawu Ofanana  

Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome.


Makɔ xɔxɔ ƒe kplu la ɖe dzi, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.


O! Yehowa, wòe nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta medo ŋugbe be mawɔ ɖe wò nyawo dzi.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si woka na ame dzɔdzɔewo la dzi o, ne menye nenema o la, ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu vɔ̃ɖii.


Yehowa ka atam na David; eka atam vavã si matu o la be, “Matsɔ wò ŋutɔ wò dzidzimevi aɖo fiae ɖe wò fiazikpui dzi.


O! Yehowa, wòe mele ɣli dom na. Megblɔ be, “Wòe nye nye sitsoƒe, kple nye gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.”


“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”


Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ƒe ŋkume. Èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gbagba.


Nye ŋutilã kple nye dzi nu ava yi, gake Mawue nye nye dzi ƒe ŋusẽ kple nye gomekpɔkpɔ tegbetegbe.


‘Maɖo wò ƒome anyi tegbee, eye mana wò fiazikpui nali ke na dzidzimewo katã.’ ” Sela


Elabena wòe xɔ nye nya, eye nèɖe nye dzɔdzɔenyenye ɖe go. Ènɔ wò fiazikpui dzi, eye nèdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.


“Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si melé ɖe te, nye ame tiatia si ŋu mekpɔa ŋudzedze le; matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi ne wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo.


eya ta mana gomekpɔkpɔe le ame ŋkutawo dome. Ama afunyinuwo kple kalẽtɔwo, elabena etsɔ eƒe agbe de ku me ke, eye wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome ene; evɔ eyae tsɔ ame geɖewo ƒe nu vɔ̃, eye wòxɔ nya ɖe vodalawo nu.


Ke ame si nye Yakob ƒe gome la, mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nu sia nu wɔla kple Israel ƒe ƒome si nye eƒe domenyinu la hã. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.


Megblɔ na ɖokuinye be, “Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta manɔ esinu kpɔm.”


Mawu fɔ Yesu sia ɖe tsitre tso ku me, eye mí katã míenye ɖasefowo na tsitretsitsi sia.


Eya Mawu do ɖe dzi ɖe eƒe ɖusime be wòanye Fiavi kple Ɖela, be wòahe dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke vɛ na Israel.


Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi,


Migano aha mu o, elabena ekplɔa ame dea hadzenuwɔwɔ me. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la boŋ nayɔ mia me.


Womehiã domenyinu o, elabena Yehowa nye woƒe domenyinu! Esia nye ŋugbe si Yehowa do na wo!


Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o, elabena Israel nye Yehowa ŋutɔ tɔ!


Yehowa wɔ Yɔdan tɔsisi la wònye liƒo le míawo kple mi Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo dome, kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa dome o.’ Ekema miaƒe dzidzimeviwo ana míaƒe dzidzimeviwo nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ,


ke boŋ be wòanye dzesi anɔ míawo kple miawo siaa dome kple dzesi na dzidzime siwo ava kplɔ mí ɖo la be míesubɔa Yehowa le agbadɔ kɔkɔe sia ŋgɔ kple míaƒe nunanawo hena numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo. Míewɔ esia ale be miaƒe dzidzimeviwo magblɔ na míaƒe dzidzimeviwo be, ‘Kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa, míaƒe Mawu la dome o.’


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa