Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 16:4 - Agbenya La

4 Ame siwo ati mawu tutɔwo yome la, adzi woƒe vevesesewo ɖe edzi. Nyemasa woƒe ʋuvɔsawo na mawu mawo, alo ayɔ woƒe ŋkɔwo o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Vevesesewo dzina ɖe dzi na amesiwo tsɔa Mawu ɖɔa li mawu bubuwoe; nyemaƒo woƒe vɔsaʋu ɖe anyi o, eye woƒe ŋkɔ mava nye nu me o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 16:4
15 Mawu Ofanana  

Yakob tsɔ kpe tu sɔti aɖe ɖe teƒe si Mawu ƒo nu kplii le la, eye wòwɔ nunovɔsa ɖe edzi; ekɔ ami hã ɖe edzi.


Ame vɔ̃ɖiwo kpea fu geɖe, ke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ƒoa xlã ame siwo ɖoa dzi ɖe eŋu la.


Ŋukpe lé aklamakpakpɛsubɔlawo katã, ame siwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee, ke misubɔe, mi mawuwo katã!


“Mikpɔ egbɔ be miewɔ se siawo katã dzi. Miɖo ŋku edzi, migayɔ mawu bubu aɖeke ƒe ŋkɔ le gbedodoɖa alo atamkaka me o.”


Legba siwo le balime kple kpe zɔsrɔ̃ewo dome lae nye wò gomekpɔkpɔ. Woawoe nye tɔwò. Woawoe nèƒoa aha ɖi na, eye nètsɔa nuɖuvɔsa hã naa wo. Le nu siawo katã ta la, ɖe mazi kpia?


“Ke mi ame siwo gblẽ Yehowa ɖi, eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be, mi ame siwo ɖo kplɔ̃ na Aklama, eye mieku wain si wotɔtɔ la, kplu banaa na Dzɔgbese la,


Ke ame si tsɔ nyitsu sa vɔe la, sɔ kple ame si wu ame, eye ame si tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple ame si ŋe kɔ na avu. Ame si sa nuɖuvɔ la, sɔ kple ame si tsɔ ha ƒe ʋu sa vɔe, eye ame si do ŋkuɖodzi ƒe dzudzɔ ʋeʋĩ la, sɔ kple ame si subɔ legba. Wotia woawo ŋutɔ ƒe mɔwo, eye woƒe luʋɔ dzɔa dzi le woƒe ŋunyɔnuawo ŋu,


Ɖeviwo le nake fɔm, wo fofowo le dzo dom, wo dadawo le amɔ blum ne woame akpɔnɔ na Dziƒofianyɔnu. Woƒo aha ɖi na mawu bubuwo ne woatsɔ ado dziku nam.


Miatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami la asa numevɔ na Yehowa, eye wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nɛ. Emegbe la, miatsɔ wain lita ɖeka asa nunovɔ.


“Ame siwo subɔa alakpamawuwo la bua Yehowa ƒe amenuveve si anye wo tɔ!


Mikpɔ nyuie be, miade ha kple trɔ̃subɔla siwo gale anyigba la dzi kura o. Migayɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã o; migawɔ woƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me o, eye migasubɔ wo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa