Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 16:2 - Agbenya La

2 Megblɔ na Yehowa be, “Wòe nye nye Aƒetɔ; nu nyui aɖeke mele asinye kpe ɖe ŋuwò o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Megblɔ na Yehowa be: Aƒetɔnyee nènye, nu nyuia ɖeke mele asinye kpe ɖe ŋuwò o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 16:2
15 Mawu Ofanana  

Nye dzi le gbɔgblɔm le ŋuwò be, “Di eƒe ŋkume!” Yehowa, wò ŋkumee madi.


Ke wò, Yehowa, dzie meka ɖo; megblɔ be, “Wòe nye nye Mawu.”


Ame kae le dziƒo nam, negbe wò ko? Naneke mele anyigba si medi kpe ɖe ŋuwò o.


O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale! Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi ɖe dziƒowo tame.


Ayɔm be, ‘Wòe nye Fofonye, nye Mawu, nye Agakpe kple Ɖela.’


Magblɔ na Yehowa be, “Eyae nye nye sitsoƒe kple nye mɔ sesẽ, nye Mawu si ŋu meku ɖo.”


O! Yehowa, míaƒe Mawu, aƒetɔ bubuwo ɖu mía dzi kpe ɖe ŋuwò, ke wò ɖeka ko ƒe ŋkɔ ŋutie míede bubue.


Ɖeka agblɔ be, ‘Yehowa tɔ menye.’ Bubu atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu hã aŋlɔ ɖe eƒe asi ŋuti be, ‘Yehowa tɔ,’ eye wòatsɔ ŋkɔ be Israel.


Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’ ”


Alea kee nenye be mieɖo tom la, mele be miabu be ele be makafu mi o, elabena miagblɔ be, ‘Dɔla madzemadzewo míenye, míaƒe dɔdeasi ko míewɔ!’ ”


Toma gblɔ be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!”


“Ame kae tre nunana Mawu, be wòagaɖo eteƒe nɛ mahã?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa