Míebu be míedze na ku elabena míekpɔ be wɔna aɖeke meganɔ mía ŋu o, gake míetsɔ nu sia nu gblẽ ɖe Mawu si tea ŋu wɔa nu sia nu, eye wòfɔa ame kukuwo gɔ̃ hã tso yɔdo me la ƒe asi me.
Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi nɛ la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.