Gbegbe kple du siwo le afi ma nekɔ woƒe gbe dzi. Kedar ƒe kɔƒewo me nɔlawo netso aseye. Ame siwo le Sela la nedzi ha kple dzidzɔ. Wonedo ɣli tso towo tame.
Mido dzidzɔɣli, o mi dziƒowo! O! Anyigba netso aseye. Mido ha ɖa kple dzidzɔ. O, mi towo! Elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na ame siwo ŋu wode abie.