5 Wo katã nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eɖe gbe, eye wova dzɔ.
5 Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena ede se, eye wodzɔ,
Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.”
Mi eƒe dɔlawo, mikafu Yehowa, mi ŋusẽtɔ siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu, eye miewɔa eƒe nya dzi.
Atsiaƒu hã nye etɔ, elabena eyae wɔe, eye eƒe asie wɔ anyigba ƒuƒui hã.
Ame si tu nɔƒe kɔkɔwo ɖe dziƒonutowo me, eye wòɖo woƒe agunu ɖe anyigba dzi, ame si lɔ atsiaƒutsi, eye wòtrɔe ɖe anyigba katã dzi. Yehowae nye eƒe ŋkɔ.
“Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã; wò lɔlɔ̃nue nètsɔ wɔ woe, eye wò lɔlɔ̃nue na be wole agbe.”