Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 146:8 - Agbenya La

8 Yehowa ʋua ŋku na ŋkuagbãtɔwo, Yehowa fɔa ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo ƒe nya.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Yehowa naa ŋkuagbãtɔwo kpɔa nu, Yehowa fɔa amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 146:8
18 Mawu Ofanana  

Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ; ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.


Yehowa léa ame siwo katã dze anyi la ɖe asi, eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe dzi.


Yehowa kpɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la dzi, ke etsɔ ame vɔ̃ɖi ya xlã ɖe anyigba.


Ekema ŋkugbagbãtɔwo ƒe ŋkuwo aʋu, eye tokunɔwo ƒe towo aʋu.


Makplɔ ŋkugbagbãtɔwo ato mɔ si womenya tsã o la dzi, eye makplɔ wo to mɔ manyamanya dzi. Mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye mana toƒe tsakliwo nazu zɔzrɔ̃e na wo. Esiawoe nye nu siwo mawɔ, nyemagble wo ɖi o.


“Mi tokunɔwo, mise nu, mi ŋkugbagbãtɔwo, mifɔ mo dzi, miakpɔ nu!


ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo.


Enumake woƒe ŋkuwo ʋu, eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena, womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o.


Ao, Fofo la ŋutɔ lɔ̃ mi, elabena mielɔ̃m, eye miexɔe se be metso Mawu gbɔ.


be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’


Ke Mawu, ame si ŋutɔ dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la de dzi ƒo na míawo hã esi Tito va ɖo mía gbɔ.


Medoa gbe ɖa be miaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo naʋu, eye dzi nyanu nanɔ mia si be míade dzesi mɔkpɔkpɔ si wòyɔ mí na, eƒe kesinɔnu, ŋutikɔkɔe ƒe domenyinyi si wòna ame kɔkɔewo,


Elɔ̃ eƒe amewo ŋutɔ eƒe ame kɔkɔewo le eƒe asi me wole wò afɔtoƒe tom woxɔ woƒe ɖoɖowo tso gbɔwò.


Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa