Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 146:7 - Agbenya La

7 Etsoa afia na ame siwo wote ɖe anyi, eye wònaa nuɖuɖu dɔwuitɔwo. Yehowae naa ablɔɖe gamenɔlawo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 eya, amesi tsona na amesiwo wote ɖe anyi, eye wònaa abolo dɔwuitɔwo. Ye howa ɖea ga gatɔwo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 146:7
27 Mawu Ofanana  

Èʋli tsyɔ̃eviwo kple ame siwo wote ɖe anyi la ta, ale be amegbetɔ si nye anyi la magado ŋɔdzi na amewo azɔ o.


Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye wòtsoa afia na ame siwo katã wote ɖe anyi.


Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”


Eya ame si naa nuɖuɖu nu gbagbe ɖe sia ɖe, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Ɖem tso nye gaxɔ me, be makafu wò ŋkɔ. Ekema ame dzɔdzɔewo aɖe to ɖem, le wò nyui si nèwɔ nam la ta.


Nye ameti blibo la katã mado ɣli be, “O! Yehowa, ame kae sɔ kpli wò? Wò ame si ɖe ame beliwo tso ame siwo sesẽ wu wo la ƒe asi me, eye nèɖe hiãtɔwo kple ame dahewo tso ame siwo ha wo la ƒe asi me.”


Mawu kplɔa ame siwo tsi akogo la dea ƒomewo me, enana ablɔɖe gamenɔlawo, eye wodzia dzidzɔhawo. Ke ame dzeaglãwo la, egblẽa wo ɖe kuɖiɖinyigba dzi.


O! Mawu, ne èdo dze wò dukɔ la ŋgɔ, hezɔ to gbegbe la, Sela


Aʋli ame siwo ƒe dzi gbã la ta, axɔ na hiãtɔwo ƒe viwo, eye wòagbã ameteɖetola la nyanyanya.


Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. Sela


Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be magblɔ nyanyui la na ame dahewo. Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã. Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo, eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;


Ale si wònɔ le Midiatɔwo ŋɔli ene la, ègbã kɔkuti si nye agba la na wo, èɖe kɔsɔkɔsɔ si le kɔ na wo kple ame siwo te wo ɖe anyi la ƒe ameƒoti ɖa.


Matsɔ nu nyui geɖe aɖi ƒo na nunɔlawo eye maɖi ƒo na nye dukɔ hã kple nye nu nyui geɖe.” Yehowae gblɔe.


“Le ɣe ma ɣi me la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe atsɔ ŋutɔ. Manye ɖasefo zazɛ̃ aɖe ɖe nukalawo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo, ame siwo baa woƒe dɔwɔviwo, ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe to, ame siwo baa amedzrowo kple ame siwo mevɔ̃am o la ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo, ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe.


“Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, eya ta wosi ami nam ɖo, edɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa be maɖe gbeƒã be woaɖe ga aboyomenɔlawo, eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖeanyilawo si me,


Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo, eye le nua ɖuɖu vɔ megbe la, wofɔ kakɛ siwo susɔ la de kusi wuieve sɔŋ me woyɔ.


Le zã ga wuieve me lɔƒo la, anyigba ʋuʋu sesĩe, eye gaxɔ blibo la ƒe gɔmeɖokpewo ʋuʋu kpekpekpe, ʋɔtruawo katã ʋu le wo ɖokuiwo si, eye ga si wode gaxɔmenɔla ɖe sia ɖe la ɖe ɖa.


Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔ la ƒe agbowo, eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa