Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 146:5 - Agbenya La

5 Woayra ame si ƒe xɔnametɔ nye Yakob ƒe Mawu la, eye eƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi;

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 146:5
17 Mawu Ofanana  

‘Nya si miagblɔ na Yosef lae nye: Mebia tso asiwò be nàtsɔ nɔviwòwo ƒe nu vɔ̃ kple vodada siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ake wo.’ Azɔ míeɖe kuku, tsɔ nu vɔ̃ ke fofowò ƒe Mawu la ƒe dɔlawo.” Esi nya siawo va ɖo Yosef gbɔ la, efa avi.


Woayra dukɔ si wòava eme na alea le nyateƒe me; Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa.


Ame mawo la, wodzea klo, eye wodzea anyi, ke míawo ya, míenɔa tsitre, eye míedzɔna kã.


Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa, ame siwo wòtia be woanyi yeƒe dome.


“Aƒetɔ, ke azɔ la, nu ka makpɔ mɔ na? Nye mɔkpɔkpɔ le mewò.


Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. Sela.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. Sela


Miva kpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo ɖa, miva kpɔ gbegblẽ si wòhe va anyigba dzi la ɖa.


Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, wòe nye nye mɔkpɔkpɔ kple nye dzideƒo tso nye ɖekakpuime ke, O! Aƒetɔ Yehowa.


O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la.


Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ; O! Yakob ƒe Mawu, ɖo to nye gbedodoɖa. Sela


Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.” Mose tsyɔ mo anyi, elabena enɔ vɔvɔ̃m na Mawu kpɔkpɔ.


Nu dzea edzi na ame si ɖoa to nufiame eye woayra ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi.


Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ! Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe tso Yehowa gbɔ? Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe! Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la. Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò eye nànya avuzi le wo dzi!”


To eya amea dzi la, miexɔ Mawu dzi se, ame si fɔe tso ame kukuwo dome, hetsɔ ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ, ale miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ le Mawu me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa