Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 146:4 - Agbenya La

4 Ne woƒe gbɔgbɔ do go le wo me la, wogatrɔna zua kewɔ, gbe ma gbe ke woƒe ɖoɖo siwo katã wowɔ la zua tofloko.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 146:4
17 Mawu Ofanana  

Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi me amegbetɔ, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔtime, eye wòzu luʋɔ gbagbe.


Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.”


“Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃.


Gake ne amegbetɔ ya ku la, wotsɔnɛ mlɔa anyie kpoo nenema; egbɔa eƒe gbɔgbɔ mamlɛa eye meganɔa agbe o.


Ne wode bubu via ŋutsuwo ŋu hã la, menyanɛ o, ne woɖi gbɔ̃ wo hã la, mekpɔnɛ o.


Nu te nye gbɔgbɔ ŋu belibelibeli, nye ŋkekewo hã le kpuie eye yɔdo le lalayem.


Nye ŋkekewo va yi, nye ɖoɖowo me gblẽ eye nenema kee nye nye dzi ƒe didiwo hã.


zi ale si agbe le menye, Mawu ƒe gbɔgbɔ le nye ŋɔti me la,


Ke ne èɣla wò mo la, ŋɔdzi léa wo, eye ne èxɔ woƒe gbɔgbɔ le wo si la, wokuna, trɔna zua kewɔ.


Yehowa gblẽ dukɔwo ƒe adaŋudedewo me, eye wòtɔtɔ anyigbadzitɔwo ƒe ɖoɖowo.


Ènana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna be, “O! Amegbetɔviwo, mitrɔ zu kewɔ.”


nàgatrɔ azu anyi si nènye tsã eye gbɔgbɔ la natrɔ ayi Mawu, ame si tsɔe na wò la gbɔ.


Nu sia nu si wowɔ le woƒe agbenɔɣi, abe lɔlɔ̃, fuléle alo ŋuʋaʋã ene la, woŋlɔ wo be keŋkeŋ eye wɔƒe aɖeke megale wo ŋu le xexe sia me o.


Amegbetɔ nye nu gblɔe: ele gblɔe abe eƒe gbɔgbɔ si le ŋɔtime nɛ ene! Nu ka ta nàtsɔ wò mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi?


Yehowa ƒe amesiamina la, si nye míaƒe agbegbɔgbɔ gɔ̃ hã ge ɖe woƒe mɔ me. Míebu xaa be le eƒe vɔvɔli te la, míanɔ dedie le dukɔwo dome.


Le esiawo katã teƒe la, èdo ɖokuiwò ɖe dzi, ɖe Dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu. Èna wofɔ eƒe kpluwo tso eƒe gbedoxɔ me vɛ na wò eye wò kple wò ame ŋkutawo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo mieno wain le wo me. Èkafu klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe ƒe mawuwo, mawu siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu alo sea nu gɔme o. Mède bubu Mawu si lé wò agbe kple wò mɔwo katã ɖe eƒe asi me la ŋu o


Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋu dɔ o, eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ to me na ame ŋkuta siwo le xexea me, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa