9 O! Yehowa, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me, elabena mewòe mebe ɖo.
9 Yehowa, ɖem tso nye futɔwo si me, elabena gbɔwò mebe ɖo.
O! Yehowa, wòe mele ɣli dom na. Megblɔ be, “Wòe nye nye sitsoƒe, kple nye gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.”
Ɖem tso nye gaxɔ me, be makafu wò ŋkɔ. Ekema ame dzɔdzɔewo aɖe to ɖem, le wò nyui si nèwɔ nam la ta.
Nye ɣeyiɣiwo le asiwò me; ɖem tso nye futɔwo kple ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me.
Ekema nye futɔwo atrɔ adzo, ne meyɔ wò be nàxɔ nam. To esia me la, manya be Mawu nye tɔnye.
Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae medo ɣli na, Mawu si wɔa ɖoɖo si wòwɔ ɖe ŋunye la dzi.
O! Mawu, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me; kpɔ tanye le ame siwo tso ɖe ŋutinye la ta.
Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.
Mawu wɔ esia, ale be to nu eve siwo metrɔna o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le gbeɖe o la dzi, mí ame siwo si yi ɖaku ɖe mɔkpɔkpɔ si wona mí la ŋu la nakpɔ dzideƒo gã aɖe.