Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 143:7 - Agbenya La

7 O! Yehowa, tɔ nam kaba, elabena nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Mègaɣla wò mo ɖem o, ne menye nenema o la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yehowa, netsɔ naɖo tom, nu te nye gbɔgbɔ ŋu, megaɣla wo ŋku me ɖem, ne maɖi amesiwo yi aʋli me la o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 143:7
20 Mawu Ofanana  

Mègaɣla wò ŋkume ɖem, ne mele xaxa me o. Trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba.


Elabena menyɔ ŋu alo do vlo ame siwo le fu kpem la ƒe hiãtuame o; meɣla eƒe mo ɖee o, ke boŋ eɖo to eƒe ɣlidodo na kpekpeɖeŋu.


Mègaɣla wò ŋkume ɖem o, mègatrɔ wò dɔla ɖo ɖa le dɔmedzoe me o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ. O! Mawu, nye Ɖela, mègagbe nu le gbɔnye alo agblem ɖi o.


O! Yehowa, nye Agakpe, wò yɔm mele, mègado tokum o. Elabena ne èzi ɖoɖoe la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime la ene.


Ke nye la, meda ahe, eye hiã le tu yem, O! Aƒetɔ, ɖo ŋku dzinye. O! Nye Mawu, wòe nye nye kpeɖeŋutɔ kple nye xɔname, mègahe ɖe megbe o.


Mègaɣla wò mo ɖe wò dɔla o; ke boŋ tɔ nam kaba, elabena meɖo xaxa me.


Te ɖe ŋunye, eye nàxɔ nam, ɖem le nye ketɔwo ta.


Medo ɣli be woaxɔ nam, ale nu ti kɔ nam, eye nye ve me hã ƒu kplakplakpla. Mekpɔ mɔ na Mawu ʋuu, eye ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu.


Ke nye la, O Mawu, meda ahe, eye hiã tum, eya ta va gbɔnye kaba. O! Yehowa, mègahe ɖe megbe o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ kple nye Ɖela.


O! Mawu, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, O! Nye Mawu, va kaba nàxɔ nam.


Yehowa, wò xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom kutɔkutɔe. Nye dzi kple ŋutilã le vivi dom ɖe Mawu gbagbe la ŋu.


Mɔkpɔkpɔ si woɖe ɖa la nana dzi léa dɔ, ke didi si va eme la nye agbeti.


Elabena yɔdo mate ŋu akafu wò o, ku mate ŋu adzi kafukafuhawo na wò o, eye ame siwo yi aʋlime la mate ŋu akpɔ mɔ na wò nuteƒewɔwɔ o.


Nyemanɔ fɔ bum ɖaa alo ado dɔmedzoe ɣe sia ɣi o, ne menye nenema o la, nu ati kɔ na ame ƒe gbɔgbɔ le ŋkunye me, eye nu ate luʋɔ siwo mewɔ la ŋu.


Makpɔ mɔ na Yehowa ame si le eƒe mo ɣlam ɖe Yakob ƒe aƒe la; maɖo dzi ɖe eŋu.


Ame geɖewo abu mɔkpɔkpɔ le vɔvɔ̃ ku ɖe nu dziŋɔ siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe anyigba sia dzi ta, elabena ŋusẽ siwo le dziƒo la hã aʋuʋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa