Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 143:2 - Agbenya La

2 Mègabu fɔ wò dɔla o, elabena amegbetɔ aɖeke mele dzɔdzɔe le ŋkuwò me o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye megaɖrɔ̃ ʋɔnu wò dɔla o, elabena ŋkuwò me la agbagbea ɖeke menye dzɔdzɔetɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 143:2
12 Mawu Ofanana  

“Ne wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò, abe ale si ame sia ame wɔa nu vɔ̃ ene, nèdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu eye nèna woƒe futɔwo ɖe aboyo wo yi dzronyigba aɖe dzi, didiƒe alo kpuiƒe


Ɖe nàke ŋku ɖe esia tɔgbi ŋua? Ɖe nàkplɔe va ʋɔnui le ŋkuwòmea?


“Nu kae nye amegbetɔ be, wòadza alo ame si nyɔnu dzi la be wòanɔ dzɔdzɔe?


Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume? Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe?


‘Ɖe ame kodzogbea anɔ dzɔdzɔe wu Mawua? Ɖe amegbetɔ anɔ dzadzɛe wu eƒe Wɔlaa?


O! Yehowa, ne àlé amewo ƒe nu vɔ̃wo ɖe agbalẽ me ada ɖi la, O! Aƒetɔ, ame ka ate ŋu anɔ te?


ame si ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame akpe nanewo, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple aglãdzelawo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke megbea tohehe na vodalawo o, eye wòhea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta tso dzidzime etɔ̃lia va se ɖe enelia dzi.”


Ame aɖeke mele xexe blibo la me si nye ame nyui ale gbegbe be mewɔa nu vɔ̃ aɖeke kura o.


Eya ta Mawu matso afia na ame aɖeke be ele dzɔdzɔe to se la dzi wɔwɔ me o; ke boŋ to se la me la, míedea dzesi nu vɔ̃.


míenyae be wometsoa afia na ame to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔse me. Eya ta míawo hã míexɔ Yesu Kristo dzi se be woatso afia na mí to xɔse me le Kristo me, eye menye to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, elabena wometsoa afia na ame aɖeke to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.


Ne míele gbɔgblɔm kokoko be míewɔ nu vɔ̃ o la, ekema míedo eya amea alakpatɔe, eye eƒe nya mexɔ aƒe ɖe mía me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa