Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 143:10 - Agbenya La

10 Fiam ale si mawɔ wò lɔlɔ̃nu, elabena wòe nye nye Mawu; na wò Gbɔgbɔ nyui la nakplɔm to anyigba sɔsɔe dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye; wò gbɔgbɔ nyui la nekplɔm to anyigba sɔsɔe dzi!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 143:10
36 Mawu Ofanana  

Èɖo wò Gbɔgbɔ nyui la ɖa be wòafia nu wo. Mèdzudzɔ mananana wo tso dziƒo o, mèdzudzɔ tsinana wo be wòatsi woƒe tsikɔwuame nu o.


Wòe nye nye Mawu, eya ta mada akpe na wò; wòe nye nye Mawu, eya ta mado wò ɖe dzi.


O! Yehowa, woakafu wò ɖaa; fia wò sededewom.


Dam ɖe wò sededewo ƒe mɔ dzi, elabena afi ma mekpɔa dzidzɔ le.


Kpɔe ɖa be mɔtatra aɖe le menye hã, eye nàkplɔm to mɔ mavɔtɔ la dzi.


O! Yehowa, megblɔ na wò be, “Wòe nye nye Mawu.” See, o Yehowa, se nye nublanuiɣli.


Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi? Nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi na xɔxɔ nam, eye nète ɖa xaa tso nye hũɖeɖe gbɔ?


hena nye luʋɔ gbɔ agbe. Ekplɔm to dzɔdzɔenyenye ƒe mɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta.


Ekema ame kawoe nye ŋutsu ma siwo vɔ̃a Yehowa? Afia nu wo le mɔ si woato la dzi.


O! Yehowa, fia wò mɔwom; kplɔm to mɔ dzɔdzɔe dzi, le ame siwo tem ɖe to la ta.


Ke wò, Yehowa, dzie meka ɖo; megblɔ be, “Wòe nye nye Mawu.”


O! Mawu, wòe nye nye Mawu, mele diwòm vevie; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, nye ameti blibo la mele diwòm, le kuɖiɖinyigba si ƒu kplakplakpla, eye tsi aɖeke meli o la dzi.


Yehowa na alɔ̃ sesẽ aɖe dze mia dzi. Eyae tre mi nyagblɔɖilawo ƒe ŋkuwo, eye wòtsyɔ nu ta na mi nukpɔlawo.


Abe nyi si wokplɔ yina ɖe gbeɖuƒe ene la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ na wogbɔ ɖe eme. Aleae nèkplɔ wò dukɔ lae be nàde bubuŋkɔ ɖokuiwò ŋu.


Dukɔ geɖewo ava agblɔ be, “Miva. Mina míayi Yehowa ƒe to la dzi le Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me. Afia eƒe mɔwo mí ale be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.


Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ.


Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.”


Ke Nyaxɔɖeakɔla, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Fofo la adɔ ɖo ɖa le nye ŋkɔ me la afia nu geɖewo mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã mefia mi la dzi na mi.


Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se la ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me.


Ke mele nu xlɔ̃m mi nɔviwo, le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena miade dzinye, eye miaʋli le gbedodoɖa me na Mawu ɖe tanye.


Ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wona mí la me.


elabena to Yesu Kristo me la, Gbɔgbɔ si naa agbe la ɖem tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la si me.


Nenema ke Gbɔgbɔ la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Elabena míenyaa nu si ta míado gbe ɖa ɖo gɔ̃ hã o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa nya ɖe akɔ ɖe mía nu le ŋeŋe manyagblɔ aɖe me.


Migado nuxaxa na Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabena eyae wotsɔ de dzesi mi hena miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ.


(Elabena kekeli ƒe kutsetse nye dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe),


elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi.


natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta, eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.


Ke miawo la, amisisi si miexɔ tso egbɔ la nɔa mia me, eye megahiã be ame aɖeke nafia nu mi o, elabena eƒe ami sisi la fiaa nu mi tso nuwo katã ŋuti, eye esi ami sisi sia nye nyateƒetɔ, eye menye aʋatsotɔ o ta la, minɔ eya amea me, abe ale si wòfia mi ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa