Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 141:2 - Agbenya La

2 Nye gbedodoɖa neva gbɔwò abe dzudzɔ ʋeʋĩ ene, eye na be nye asi siwo medo ɖe dzi la, nanɔ na wò abe fiẽvɔsa ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 141:2
23 Mawu Ofanana  

Esime fiẽvɔsaɣi ɖo la, Eliya te ɖe vɔsamlekpui la ŋu eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu, ɖee fia egbe be wòe nye Mawu le Israel eye mewɔ esiawo katã le wò nya nu.


Tete ame siwo katã dzodzonyanya lé le Israel ƒe Mawu la ƒe nyawo ta la va ƒo xlãm le aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ sia ta. Menɔ anyi de kɔ to kple nuxaxa nenema va se ɖe fiẽvɔsaɣi.


Mido miaƒe asiwo ɖe dzi le kɔkɔeƒe la me, eye mikafu Yehowa.


Esi mekɔ nye asiwo dzi ɖo ɖe wò Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔƒe la gbɔ la, se nye ɣlidodo na nublanuikpɔkpɔ, ne meyɔ wò be nàxɔ nam.


O! Yehowa, le ŋdi me la, àse nye gbe; le ŋdi me la, matsɔ nye biabiawo aɖo ŋkuwò me, eye manɔ lalam kple mɔkpɔkpɔ.


Makafu wò, zi ale si mele agbe, eye mado nye asiwo ɖe dzi le wò ŋkɔ me.


ɖeka le ŋdi me, eye evelia le fiẽ me.


dzudzɔdovɔsamlekpui la kple ekɔtiawo, ami sisi la kple dzudzɔdotikeʋeʋĩwo, agbadɔ la ƒe xɔmemɔnuvɔ,


Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa, ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


eye meganɔ gbe dom ɖa ko la, Gabriel, ame si mekpɔ le nye ŋutega si do ŋgɔ me la va do ɖe dzinye kpoyi le fiẽvɔsaɣi.


Tso ɣedzeƒe yi ɖe ɣetoɖoƒe ke la, dukɔ bubuwo ado nye ŋkɔ ɖe dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ. Le xexea me godoo woatsɔ vɔsa ʋeʋẽ lĩlĩlĩwo kple vɔsa kɔkɔewo ade bubu nye ŋkɔ ŋuti elabena mexɔ ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Dzo ge tso Yehowa gbɔ va fia ame alafa eve blaatɔ̃ (250) siwo nɔ dzudzɔ dom.


Gbe ɖeka le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Petro kple Yohanes woyina gbedoxɔ la me be yewoado gbe ɖa abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene.


Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nado woƒe asi kɔkɔewo ɖe dzi na Mawu, ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me.


Esi wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye sikagba si yɔ fũu kple dzudzɔʋeʋĩdonu siwo nye ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa la hã nɔ woƒe asi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa