Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 140:7 - Agbenya La

7 O! Aƒetɔ Yehowa, nye Ɖela sesẽ, ame si ɖɔ gakuku nam le aʋakpegbe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Megblɔ na Yehowa be: Nye Mawu nenye, Yehowa; se nye kokoƒogbe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 140:7
17 Mawu Ofanana  

eye wòda asrafo aɖewo ɖe Edom ƒe teƒe ɖe sia ɖe. Ale Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi.


David da asrafo aɖewo ɖe Damasko si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòayi.


wò ame si na dziɖuɖu fiawo, eye nèɖe wo dɔla David tso yi vɔ̃ɖi ƒe asi me.


Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam, eye wò nuɖusi lém ɖe te. Èbɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm.


Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe. Ame ka mavɔ̃? Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe, ame ka adzi ŋɔ nam?


Nye ɣeyiɣiwo le asiwò me; ɖem tso nye futɔwo kple ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me.


O! Nye ŋusẽ, mele kafukafuha dzim na wò. O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ kple nye Mawu si dzi meka ɖo.


Eya koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋã akpɔ gbeɖe o.


Nye xɔxɔ kple bubu ku ɖe Mawu ŋu, eyae nye nye agakpe sesẽ kple nye sitsoƒe.


Ayɔm be, ‘Wòe nye Fofonye, nye Mawu, nye Agakpe kple Ɖela.’


Miva, mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye míado dzidzɔɣli ɖe míaƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu.


Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa