Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 140:13 - Agbenya La

13 Ame dzɔdzɔewo akafu wò ŋkɔ vavã, eye dzi dzɔdzɔetɔwo anɔ ŋkuwò me ɖaa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Menyae be, Yehowa adrɔ̃ nya na hiãtɔwo, eye wòatso na ame dahewo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 140:13
15 Mawu Ofanana  

Menana ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe o, ke boŋ ekpɔa hiãtɔwo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo.


Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ; ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.


Èna menya agbemɔ la; àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me, eye matsɔ vivisese si mevɔna o la anɔ wò nuɖusime tegbee.


Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme le nye agbemeŋkekewo katã me, eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa.


Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, mi ame dzɔdzɔewo; midzi ha, mi ame siwo katã ƒe dzi le dzɔdzɔe!


Nye ameti blibo la katã mado ɣli be, “O! Yehowa, ame kae sɔ kpli wò? Wò ame si ɖe ame beliwo tso ame siwo sesẽ wu wo la ƒe asi me, eye nèɖe hiãtɔwo kple ame dahewo tso ame siwo ha wo la ƒe asi me.”


Èkplɔm le wò aɖaŋudede nu, eye àkplɔm emegbe ayi wò ŋutikɔkɔe mee.


Mi ame dzɔdzɔewo, mitso aseye le Yehowa me, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.


elabena Yehowa axɔ nya ɖe wo nu eye wòaha ame si ha wo.


Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.


Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be, mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma.


“Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam, elabena èlɔ̃m vevie hafi xexea me va dzɔ.


Le esia megbe la, woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa