Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 140:10 - Agbenya La

10 Na dzoka xɔxɔwo nadza ɖe wo dzi; wonetsɔ wo ƒu gbe ɖe dzo me kple ʋe globowo me, eye womegafɔ akpɔ gbeɖe o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ne woke ta dzi ɖe to ɖem la, ekema woƒe nuyiwo ƒe dzɔgbevɔ̃e nenyẽ tsyɔ wo!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 140:10
17 Mawu Ofanana  

Tete Yehowa na dzo kple aŋɔ xɔdzo dza tso dziƒo ɖe Sodom kple Gomora dzi,


Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome.


Atsɔ aʋawɔla ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛwo ahe to na wòe kpe ɖe yɔkuti ƒe dzoka xɔxɔwo ŋuti.


Ne wò vavaɣi ɖo la, àwɔ wo abe kpodzo bibi ene. Yehowa ami wo le eƒe dɔmedzoe me, eye eƒe dzo afia wo katã.


O! Mawu, ke wò la, àhe ame vɔ̃ɖiwo ayi yɔdo me. Ŋutsu hlɔ̃dolawo kple ameblelawo manɔ agbe wòade agbemeŋkeke siwo nèna wo la ƒe afã hã o. Ke nye la, wò ko dzi meka ɖo.


Tete vɔvɔ̃ aɖo amegbetɔƒomea katã; woado Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi, eye woade ŋugble le nu si wòwɔ la ŋuti.


Mada akpe na Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta, eye madzi kafukafuha na Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋkɔ.


Ame si kplɔ nu dzɔdzɔe wɔla to mɔ vɔ̃ dzi la, age ɖe eya ŋutɔ ƒe mɔ me. Ke ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la, axɔ domenyinu nyui.


Hlɔ̃dola si hlɔ̃dodo la zu agba na la anye tsatsala va se ɖe eƒe kugbe; ame aɖeke megakpe ɖe eŋu o.


woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.


eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.”


Ne womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ le agbegbalẽ la me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa