Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 14:1 - Agbenya La

1 Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid tɔ na henɔ la. Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawua ɖeke meli o. Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo. Amea ɖeke meli, si woa nu nyui o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 14:1
32 Mawu Ofanana  

Esime Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔwo vɔ̃ɖie, eye wòkpɔ be woƒe agbenɔnɔ ɖo ta nu vɔ̃ wɔwɔ ko gbɔ la,


aleke wòahanye amegbetɔ si nye aɖi, esi dovo eye wòno nu vɔ̃ɖi abe tsi ene!


Gake ègblɔ be, ‘Nu ka Mawu nya? Ɖe wòdrɔ̃a ʋɔnu to viviti ma tɔgbi mea?


Ame vɔ̃ɖi la media eƒe mɔ o, le dada viviwo ta, le eƒe ŋugblededewo katã me la, meɖoa ŋku Mawu dzi o.


Wo dometɔ aɖewo zu bometsilawo to woƒe aglãdzenuwo wɔwɔ me, eye wokpe fu le woƒe dzidadawo ta.


Bometsila gblɔ le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame baɖawo, woƒe mɔwo hã nye nu tovowo, ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o.


Elabena mebiã ŋu ɖokuiŋudzela esi mekpɔ ale si nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwoe.


Numanyala menya esia o, eye bometsilawo mese egɔme o,


“Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ? Va se ɖe ɣe ka yi fewuɖulawo akpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu, bometsilawo alé fu sidzedze?


Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.


Didi si vaa eme la vivina na luʋɔ, ke vɔ̃tsitsri nye ŋunyɔ na bometsilawo.


Togbɔ be èto bometsila le to me, ètoe kple tati abe bli ene hã la, màte ŋu aɖe eƒe bometsitsi ɖa le eŋu o.


Ame aɖeke mele xexe blibo la me si nye ame nyui ale gbegbe be mewɔa nu vɔ̃ aɖeke kura o.


O! Dukɔ si wɔ nu vɔ̃, ame siwo dzi nu vɔ̃ do agba ɖo, nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, vi siwo nye nu tovo wɔlawo, wogbe nu le Yehowa gbɔ, wodo ŋunyɔ Israel ƒe kɔkɔetɔ la, eye wotrɔ megbe dee.


Woda alakpa tso Yehowa ŋu hegblɔ bena, “Mawɔ naneke o! Vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o eye míakpɔ dɔwuame alo yi ƒe ŋkume gbeɖe o.


Wo katã nye aglãdzela vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo. Wole tsatsam be woagblẽ ame ŋu. Wole abe akɔbli kple gayibɔ ene. Ame dovowoe wo katã wonye.


Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖee? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me.


Elabena ame ƒe dzi mee susu vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ doa go tsona.


“Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, ‘O, wò abunɛtɔ, egbe zã sia me ke woaxɔ wò agbe le asiwò. Ke ame ka tɔ nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?’


miɖo ŋku edzi be ɣe ma ɣi la, miete ɖa tso Kristo gbɔ, mienye Israeltɔwo o, eye mienye amedzrowo na nubabla si wowɔ tso ŋugbedodo la me, mɔkpɔkpɔ kple Mawu menɔ mia si le xexea me o.


Wogblɔna be yewonya Mawu, gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me. Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo, eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o.


Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ, eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí, eye míezu kluviwo na ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo, eye woawo hã lé fu mí.


gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.”


Nye aƒetɔ, megaɖo to Nabal ŋutsu vɔ̃ɖi ma o. Ɖe ko wòle abe aƒe ŋkɔ ene. Eƒe ŋkɔ gɔmee nye Bometsila. Eya ta bometsitsi nɔ eŋu ɖo. Ke nye, wò dɔla, ya la, nyemekpɔ ŋutsu siwo nye aƒetɔ dɔ ɖa la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa