Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 139:2 - Agbenya La

2 Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nènya nye susuwo tso adzɔge ke.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Enya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 139:2
17 Mawu Ofanana  

Hagar bia eɖokui be, “Ɖe mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume hafi gale agbe be maƒo nu tso eŋua?” Eya ta eyɔ Yehowa ame si ƒo nu kpli la be, “Mawu si kpɔa nu.”


“ ‘Ke menya afi si nèle, wò dodo kple gbɔgbɔ kple ale si nèdo dziku ɖe ŋutinye.


Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia bubutɔ, menye míawoe o, Elisa, nyagblɔɖila la gblɔa nya si nègblɔ le bebeme le wò xɔ gã me la na Israel fia la!”


Gake le tawò la, míekpɔa ku ŋkeke blibo la, eye wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.


Ŋlɔ nye konyifafa da ɖi; lé nye aɖatsiwo ɖe agbalẽ dzi; ɖe womele wò nyaŋlɔɖiwo me xoxo oa?


Yehowa nya amegbetɔ ƒe susu, eye wònya be tofloko ko wònye.


Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi eye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa ŋu.


“Ke menya afi si nèle. Menya ɣeyiɣi si nèdona gagbɔna, eye menya ale si nèdo dɔmedzoe ɖe ŋunye.


Tete Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam be magblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: nya ma gblɔm miele, O! Israel ƒe aƒe, ke menya nu siwo le miaƒe susu me.


“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Menye wòe nye ame si ŋu meƒo nu tsoe le ŋkeke siwo va yi me to nye dɔlawo, Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi oa? Le ɣe ma ɣi me la, wogblɔ nya ɖi ƒe geɖewo be mana nàtso ɖe wo ŋu.


“Ame ka ado vlo ŋkeke si nuwo dze egɔme sue? Dzi adzɔ amewo, ne wokpɔ dzidzeka le Zerubabel ƒe asi me. Akaɖi adre siawoe nye Yehowa ƒe ŋku siwo wòtsɔna tsana le anyigba katã dzii.”


Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me, eya ta ebia wo be, “Nu ka ta miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo?


Ke Yesu nya woƒe dzimesusuwo, eya ta ekɔ ɖevi sue aɖe da ɖe eƒe axadzi.


Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.


eye dzɔgbevɔ̃e gãwo dzɔ ɖe wo dzi la, ekema ha sia aɖo ŋku nu si he dzɔgbevɔ̃e va wo dzii la dzi na wo. Ha sia anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime. Menya dukɔ si tɔgbi wonye xoxo, hafi woava ɖo anyigba la dzi gɔ̃ hã.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa