11 Ne megblɔ be, “Vavã, viviti la ana maɣla, eye kekeli azu zã aƒo xlãm” la,
11 Ne mebe, viviti netsyɔm hã la, ekema zã azu kekeli anɔ ŋunye;
Efɔ zã ma me dzaa va tsɔ vinye le gbɔnye esi menɔ alɔ̃ dɔm. Etsɔ via kukua de nye abɔwo dome eye wòtsɔ tɔnye yi ɖamlɔ eɖokui gbɔ.
Eɖea nu goglo siwo le viviti me la ɖe go eye wòhea blukɔ tsiɖitsiɖi vaa kekeli me.
Teƒe doblukɔ alo teƒe doviviti tsiɖitsiɖitsiɖi aɖeke meli si nu tovo wɔlawo asi abe ɖo o.
Wogblɔ be, “Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la metsɔ ɖeke le eme o.”
Baba na ame siwo wɔa nu si woate ŋui be woaɣla woƒe aɖaŋudedewo ɖe Yehowa; ame siwo wɔa woƒe dɔwo le viviti me hegblɔna be, “Ame kae kpɔ mi? Ame kae anya?”
Ɖe ame aɖe abe ɖe bebeƒe aɖe be nyemate ŋu akpɔe oa?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nyemeyɔ dziƒo kple anyigba taŋtaŋ oa?” Yehowae gblɔe.