Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 137:3 - Agbenya La

3 elabena afi mae ame siwo ɖe aboyo mí la bia ha tso mía si le; ame siwo wɔ fu mí la bia dzidzɔhawo tso mía si hegblɔ be, “Midzi Zion hawo dometɔ ɖeka na mí!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena afima amesiwo ɖe aboyo mí la, di ha tso mía nu, eye amesiwo ha mí la, di dzidzɔ tso mía si le hegblɔ be: Midzi Zion-ha na mí!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 137:3
18 Mawu Ofanana  

Azɔ la, David do awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi; nenema kee nye Levitɔ siwo tsɔ nubablaɖaka la. Nenema kee nye hadzilawo kple Kenania hã, ame si nɔ hadzihawo nu. David ya do aklala si nɔ biɖibiɖi ƒe kɔmewu ɖe etɔ dzi.


Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo nue nye Asaf.


le xɔlɔ̃awo kple Samariatɔwo ƒe asrafoha la ŋkume be, “Nu ka Yudatɔ gblɔe siawo bu be yewole wɔwɔm? Ɖe wobu be yewoate ŋu agbugbɔ gli la aɖo le ŋkeke ɖeka me ne yewosa vɔ geɖewoa? Mikpɔ kpe ƒodzo siwo wole ɖeɖem le gli gbagbãwo me hegale wo ŋu dɔ wɔm ɖa!”


O! Mawu, kafukafu le lalawòm le Zion; wòe míaxe míaƒe adzɔgbeɖefewo na.


O! Mawu, dukɔwo nye zi ɖe wò domenyinu la dzi, wodo gu wò gbedoxɔ kɔkɔe la, eye wogbã Yerusalem wòzu anyiglagoe.


Ètsɔ mí wɔ dzrewɔnui na míaƒe aƒelikawo, eye míaƒe futɔwo ɖe alɔme le mía ŋu.


be maɖe wò kafukafu afia le Zion Vinyɔnu ƒe agbowo me, eye le afi ma matso aseye le ɖeɖe si nènam la ta.


Ame si dzi ha na dzi kpekpe tɔ la le abe ame si ɖe awu kpekpe ɖi le vuvɔwɔgbe alo “vinigae” wokɔ ɖe “soɖa” dzi ene.


Ame siwo Yehowa xɔ ƒle la koe atrɔ gbɔ. Woatsɔ hadzidzi age ɖe Zion; woatsɔ dzidzɔ mavɔ aɖo atsyɔ̃ na woƒe tawo. Dzidzɔ kple aseyetsotso adze wo ŋgɔ, eye nuxaxa kple hũɖeɖe maganɔ anyi o.


Yehowa ƒe ame siwo woɖe la atrɔ agbɔ. Woage ɖe Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔkpɔkpɔ anye fiakuku anɔ woƒe tawo dzi. Vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.


“Mika, Moresitɔ la gblɔ nya ɖi le Yuda fia Hezekia ƒe ŋkekewo me. Egblɔ na Yudatɔwo katã be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “ ‘Woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gbagbã eye gbedoxɔ ƒe togbɛ azu togbɛ si zu ave.’


“Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo gbagbã si woli kɔe kple nɔƒe na amegaxiwo, eye mawɔ Yuda duwo woazu aƒedo ale be ame aɖeke manɔ wo me o.”


Miawo ta woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gã ɖeka eye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave.


Yesu gblɔ na wo be, “Ɣeyiɣi aɖe li gbɔna esime woagbã nu siwo kafum miele la. Woagbãe ale gbegbe be kpe ɖeka pɛ hã magasusɔ ɖe nɔvia dzi o. Woatu asi nu sia nu aƒu anyi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa