3 Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
3 Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la, elabena eƒe amenuveve li tegbee.
“Yehowa, miaƒe Mawu lae nye mawuwo dzi Mawu gã, ŋusẽtɔ la, Mawu si ŋu ŋɔdzi le, ame si medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu hã o.
Elabena ne ɣeyiɣia ɖo la, Mawu yayratɔ, fiawo dzi Fia, aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ si koe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la aɖe Kristo afia tso dziƒo.
Woawɔ aʋa kple Alẽvi la, gake Alẽvi la aɖu wo dzi, elabena eyae nye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fia la, eye eƒe ame tiatiawo, ame siwo wòyɔ kple ame siwo dze eyome le anukware me la anɔ egbɔ.”
Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be, Fiawo ƒe Fia kple Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.