Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 136:1 - Agbenya La

1 Mida akpe na Yehowa, elabena enyo. Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 136:1
16 Mawu Ofanana  

Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


David gatia Heman kple Yedutun kple ame bubu aɖewo, ame siwo ŋkɔwo wode dzesi la be woada akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve si li ɖaa la ta.


Le aɖaŋuɖoɖo kple dukɔa kplɔlawo vɔ megbe la, eɖo be hadzilawo nado awu siwo ŋu wokɔ, anɔ zɔzɔm le aʋakɔ la ŋgɔ, “Atsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa eye woanɔ ha dzim be, eƒe amenuveve li tegbee.”


Israel blibo la kpɔ nu sia teƒe eye wotsyɔ mo anyi, kafu Yehowa eye woda akpe nɛ hedo ɣli bena, “Eƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee!”


Nunɔlawo nɔ tsitre ɖe woƒe dɔwɔƒewo le esime Levitɔwo nɔ woƒe akpedahawo dzim be, “Eƒe amenuveve li tegbee” kpe ɖe haƒonu siwo Fia David ŋutɔ wɔ eye wòna wowɔa wo ŋu dɔ hena Yehowa kafukafu ŋuti. Esi nunɔlaawo ku kpẽawo la, Israel ƒe ameha blibo la tsi tsitre.


Wotsɔ kafukafu kple akpedada dzi ha na Yehowa be, “Eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ na Israel li ɖaa.” Tete amehawo katã do kafukafuɣli na Yehowa sesĩe elabena woɖo Yehowa ƒe aƒe la ƒe gɔmeɖokpeawo vɔ.


Elabena Yehowa nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa; nenema kee eƒe nuteƒewɔwɔ hã nɔa anyi tso dzidzime yi dzidzime.


Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi kple wo viwo ƒe viwo


Mida akpe na Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.


Mikafu Yehowa. Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Mida akpe na Yehowa, elabena enyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Mida akpe ne Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Wò la, ènyo, eye nu si nèwɔ la hã nyo, eya ta fia wò sededewom.


dzidzɔ kple aseyetsotso, ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ame siwo tsɔ akpedavɔsa va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee, woanɔ gbɔgblɔm be, “Mida akpe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, elabena Yehowa ƒe dɔ me nyo eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbee. Elabena magaɖo anyigba la ƒe nunyonamewo te abe tsã ene.” Yehowae gblɔe.


Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.


Mitsɔ mia ɖokuiwo de Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be wòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la mee.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa