Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 135:7 - Agbenya La

7 Enaa lilikpo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke, edɔa dzikedzo be wòava kple tsidzadza, eye wòɖea yaƒoƒo ɖe go tso eƒe nudzraɖoƒewo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eya, amesi nana alilikpo hona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu, ewɔa dzikedzo, ne dzi le wuwum, eye wòkplɔa ya donɛ tso eƒe nudzraɖoƒe;

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 135:7
15 Mawu Ofanana  

Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe, le ƒe etɔ̃lia me la, Yehowa ƒe nya va na Eliya be, “Yi nàtsɔ ɖokuiwò afia Ahab eye mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.”


Enana tsi dzana ɖe anyigba dzi, eye wòɖoa tsi ɖe gbegbe.


elabena eƒo nu, elɔ ahom kɔ ɖe ƒu la dzi, eye eƒe tsotsoewo dze agbo.


Dzikedzo kple kpetsi, tsikpe kple lilikpowo, ahomya si wɔ eƒe lɔlɔ̃nu,


Etu ka ɣedzeƒeya tso dziƒo, eye wòkplɔ dzigbeya kple eƒe ŋusẽ.


Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.


Ɖe dukɔwo ƒe legba maɖinuwo dometɔ aɖe na tsi dza kpɔa? Lilikpowo ŋutɔe dzaa tsia? Ao, O Yehowa, míaƒe Mawu, wòe wɔnɛ. Eya ta míaƒe mɔkpɔkpɔ le dziwò, elabena wòe wɔa esiawo katã.”


Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.


Esi ʋu la dze mɔ yina sẽe ko la, Yehowa dɔ yaƒoƒo sesẽ aɖe ɖa si na be ahom dziŋɔ aɖe tu. Meli la ʋuʋu heyeheye henɔ didim be yeanyrɔ.


Mibia Yehowa wòana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, elabena Yehowae nana tsi ɖona. Enana tsi dzana na amewo, eye wònana nukuwo miena ɖe bo dzi na ame sia ame.


Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃ la; àte ŋu ase eŋkɔ, gake màte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o. Nenema ke wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me la.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa