Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 135:5 - Agbenya La

5 Menya be Yehowa lolo, eye míaƒe Aƒetɔ la lolo wu mawuwo katã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena menyae be, Yehowa lolo, eye mía Aƒetɔ ƒo mawuwo katã ta.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 135:5
13 Mawu Ofanana  

Gãe nye míaƒe Aƒetɔ la, eye eƒe ŋusẽ tri akɔ ŋutɔ, seɖoƒe meli na eƒe gɔmesese o.


Yehowa lolo, eye eya koe dze kafukafu le míaƒe Mawu la ƒe du me, le eƒe to kɔkɔe la dzi.


Elabena ame kae le dziŋgɔli me si woatsɔ asɔ kple Yehowa? Le nu gbagbe siwo le dziƒo dome la, kae le abe Yehowa ene?


Elabena Yehowae nye Mawu gã la, eye wònye fiagã si ƒo mawuwo katã ta.


O! Yehowa, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba la katã dzi, eye wodo wò ɖe dzi gbɔ mawuwo katã ta sãsãsã.


Eyae nye ame si nɔ fiazi dzi le xexea me godoo tame, eye anyigbadzinɔlawo le abe abɔwo ene le ete. Ekeke dziƒowo abe avɔ ene, eye wòwɔe abe avɔgbadɔ si me wonɔna la ene.


Kɔkɔetɔ la be, “Ame ka miatsɔm asɔ kplii alo ame kae sɔ kplim?”


eya ta mele se dem be dukɔ sia dukɔ me tɔ alo gbe aɖe gblɔla si agblɔ nya vɔ̃ aɖe ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu ŋu la, woaflii kakɛkakɛ eye woana eƒe aƒe nazu aɖukpo elabena mawu bubu aɖeke mate ŋu aɖe ame le mɔ sia nu o.”


“Yehowa, miaƒe Mawu lae nye mawuwo dzi Mawu gã, ŋusẽtɔ la, Mawu si ŋu ŋɔdzi le, ame si medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu hã o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa