19 O! Israel ƒe aƒe, mikafu Yehowa, O! Aron ƒe aƒe, mikafu Yehowa,
19 Israel ƒe aƒe, mikafu Yehowa; Aron ƒe aƒe, mikafu Yehowa;
Azɔ la, David gblɔ na ameawo katã be, “Mikafu Yehowa, miaƒe Mawu la” eye wokafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la. Wode ta agu le Yehowa kple fia la ŋkume.
Yehowa ɖo ŋku mía dzi, eya ta ayra mí. Ayra Israel ƒe aƒe la, ayra Aron ƒe aƒe la,
O! Yehowa, ame siwo katã nèwɔ la akafu wò, eye wò ame kɔkɔewo ado wò ɖe dzi.
Ena dzo aɖe do na eƒe dukɔ, esi nye Israel, eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe kafukafu, ame siwo tsɔ ɖe eƒe dzi gbɔ. Mikafu Yehowa.
Tete gbe aɖe ɖi tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Mikafu míaƒe Mawu la, mi eƒe dɔlawo katã, mi ame siwo vɔ̃nɛ, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa!”