“Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o.
“Ke azɔ la, woƒe aglãdzedze la va de ŋgɔ. Wotsɔ woƒe klosalo na aɖaŋuwɔlawo, ame siwo lolõ wo tsɔ wɔ legbawo le woawo ŋutɔ ƒe nunya nu. Wogblɔ tso dukɔ sia ŋu be wotsɔa amegbetɔ saa vɔe, eye wogbugbɔa nu na nyivilegbawo.
Baba na ame si gblɔ na atikpakpɛ be, ‘Gbɔ agbe!’ Alo na kpe si me agbe mele o be, ‘Nyɔ!’ Ɖe wòate ŋu afia mɔ amea? Wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃ nɛ gake agbegbɔgbɔ mele eme o.”