7 “Mina míayi ɖe enɔƒe, mina míade ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ.
7 Mina míayi enɔƒe, eye míaɖe ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ.
Miʋu dzɔdzɔenyenye ƒe agbowo nam, mage ɖe eme, eye mada akpe na Yehowa.
Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be, “Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.”
Ke nye ya, mava wò aƒe me to wò nublanuikpɔkpɔ gã la me. Matsɔ bubu ade ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ.
Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu nɛ, eye mina míadze klo ɖe Yehowa, mía Wɔla la ƒe ŋkume.
Mido Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu, elabena eya amea le kɔkɔe.
Mido Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe dzi, eye misubɔe le eƒe to kɔkɔe la dzi, elabena Yehowa, míaƒe Mawu la le kɔkɔe.
Ame geɖewo ava agblɔ be, “Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi, míage ɖe Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la me; afia eƒe mɔwo mí be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.
Aleke Aƒetɔ la tsɔ eƒe dzikulilikpo tsyɔ Zion vinyɔnu dzi nye esi! Etsɔ Israel ƒe atsyɔ̃ tso dziƒo xlã ɖe anyigba dzi eye meɖo ŋku eƒe afɔɖodzinu dzi le eƒe dzikudogbe o.