Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 132:5 - Agbenya La

5 va se ɖe esime mekpɔ teƒe na Yehowa kple nɔƒe na Yakob ƒe ŋusẽtɔ la.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 vaseɖe esime makpɔ teƒe na Yehowa kple nɔƒe na Yakob ƒe ŋusẽtɔ la.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 132:5
12 Mawu Ofanana  

Wokɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la da ɖe agbadɔ si David tu nɛ me eye David sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa.


Azɔ la, esime fia la li ke ɖe eƒe fiasã me vɔ eye Yehowa na gbɔɖemee tso eƒe futɔ siwo katã ƒo xlãe ƒe asi me la,


“Ame siae nye fofonye, Fia David. Edi be yeatu gbedoxɔ aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ.


“Ke, ɖe Mawu ate ŋu anɔ anyigba dzia? Dziƒowo kple dziƒo kɔkɔtɔwo kekeake hã melolo na wò, hafi gbedoxɔ sia nasu na wò o!


eye wògblɔ na wo be, “Miawoe nye Levitɔwo ƒe kplɔlawo. Azɔ la, mi kple mia nɔviwo katã mikɔ mia ɖokuiwo ŋu ale be miatsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va teƒe si medzra ɖo ɖi nɛ.


Le esia megbe la, David yɔ Israel dukɔ blibo la va Yerusalem be woaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe teƒe si wòdzra ɖo ɖi nɛ.


Egblɔ na Solomo be, “Vinye, medi be nye ŋutɔ matu gbedoxɔ la hafi,


Fia David tsi tsitre ɖe ameawo ŋkume eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, nɔvinye ŋutsuwo kple nye dukɔmetɔwo, meɖoe ɖe nye dzi me be matu xɔ si anye dzudzɔƒe na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòanye afɔɖodzinu na míaƒe Mawu la. Ale mewɔ ɖoɖo ɖe etutu ŋuti.


Ke ame kae ate ŋu atu xɔ si adzee la nɛ? Dziƒo kɔkɔtɔ kekeake gɔ̃ hã ƒe nyonyo made o! Gawu la, ame kae menye be woaɖe mɔ nam be matu gbedoxɔ na Mawu? Ke anye teƒe aɖe si woado dzudzɔ ʋeʋĩ le eŋkume le.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Dziƒoe nye nye fiazikpui, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Afi ka xɔ si miatu nam la le? Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ.


Le eya amea me la, wowɔ miawo hã ɖekae be miazu nɔƒe si Mawu anɔ to eƒe Gbɔgbɔ la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa