Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 132:12 - Agbenya La

12 Nenema ke ne viwò ŋutsuwo lé nye nubabla kple nye se siwo mefia wo me ɖe asi la, ekema wo viwo anɔ wò fiazikpui dzi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ne viwòwo le nye nubabla kple ɖaseɖiɖi, si mefia wo la, me de esi le ekema wo viwo hã anɔ fiazikpui dzi na wò tegbee.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 132:12
11 Mawu Ofanana  

Ne èwɔ alea la, ekema Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo nam la dzi. Ŋugbe siae nye be ne vinyewo kple woƒe dzidzimeviwo azɔ nyuie, eye woawɔ nuteƒe na ye, Mawu la, ekema wo dometɔ ɖeka anye fia na Israel ɣe sia ɣi eye nye fiaɖuƒe nu mayi akpɔ o.


“Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ la hã dzi. Èdo ŋugbe be, ne fofonye ƒe dzidzimeviwo alé wò mɔwo me ɖe asi eye woawɔ wò lɔlɔ̃nu abe ale si eya wɔ ene la, ekema wo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi.


ekema makpɔ egbɔ be, wò fiaɖuƒe nali ke abe ale si medo ŋugbe na fofowò David ene hegblɔ nɛ be, ‘Wò ame siwo aɖu fia ɖe Israel dzi la matso o.’


Wò dɔlawo ƒe viwo anɔ ŋkuwò me, eye woaɖo woƒe dzidzimeviwo anyi le ŋkuwò me.”


Yehowa nana miadzi ɖe edzi, miawo ŋutɔwo kple mia viwo.


Yehowa be, “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wo. Nye Gbɔgbɔ si le dziwò, nye nya siwo metsɔ de nuwò la madzo le nuwò alo le viwòwo ƒe nu alo le wò dzidzimeviwo ƒe nu tso azɔ dzi yi ɖe mavɔ me o,” Yehowae gblɔe.


Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔ eƒe fiaɖuƒe ŋu o. Aɖu fia le fofoa David ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me, ne woafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso ɣe ma ɣi yi ɖe mavɔ me. Nu sia ava eme, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe didi vevie awɔe ade goe.


Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘David magbe amekpɔkpɔ ne wòanɔ anyi ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe fiazikpui dzi loo,


Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa