1 O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàŋlɔm be ɖikaɖika? Va se ɖe ɣe ka ɣi nàɣla wò ŋkume ɖem?
1 Dawid ƒe ha na henɔ la.
Nu ka tae nèɣla wò mo eye nèbum wò futɔe?
Tso, Yehowa! O! Mawu, kɔ wò abɔ dzi. Mègaŋlɔ hiãtɔ be o.
O! Aƒetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi nànɔ te akpɔ wo ase ɖo? Ɖe nye agbe tso woƒe nu gbegblẽwo me, ɖe nye agbe xɔasi tso dzata siawo ƒe asi me.
Nu ka ta nèɣla wò mo, eye nèŋlɔ míaƒe hiãkame kple teteɖeanyi be ɖo?
Nye luʋɔ le nuxaxa me. Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi?
O! Mawu, nu ka ŋuti nègble mí ɖi ɖikaa? Nu ka ta wò dɔmedzoe bi ɖe wò alẽ siwo le wò lãnyiƒe ŋuti?
O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu?
Ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu ɖikaa? Ɖe nàdidi wò dɔmedzoe la wòazɔ ato dzidzimewo katã mea?
O! Yehowa va se ɖe ɣe ka ɣie? Ɖe nàɣla ɖokuiwò tegbea? Ɣe ka ɣi wò dziku abi abe dzo ene ase ɖo?
Tsɔ wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ɖi ƒoe na mí le ŋdi me, be míadzi ha kple dzidzɔ, eye míatso aseye le míaƒe ŋkekewo katã me.
ke boŋ miaƒe nu vɔ̃woe ma mi kple miaƒe Mawu dome. Miaƒe nu vɔ̃woe na wòɣla eƒe ŋkume ɖe mi be maɖo to mi o,
Nu ka ta nèŋlɔa mí be ɣe sia ɣi? Nu ka ta nègblẽ mi ɖi eteƒe didi alea?
Ekema nye dɔmedzoe abi ɖe wo ŋu, maɖe asi le wo ŋu, maɣla nye ŋkume ɖe wo, eye matsrɔ̃ wo. Nya sesẽ, dziŋɔwo adzɔ ɖe wo dzi, eye woagblɔ be, ‘Mawu megale mía dome o!’