Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.”
Yehowa ta eƒe ɖusibɔ kple eƒe alɔ sesẽ la be, “Nyemagatsɔ wò bli ana wò futɔwo wòanye nuɖuɖu na wo gbeɖe o, eye wain yeye si ŋuti nèku kutri ɖo la, nyemagana amedzrowo naxɔe ano o.
Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la dɔ awu mi. Nye dɔlawo ano nu; miawo la, tsikɔ awu mi. Nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la woado ŋukpe mi.
“Ɖe sedati gbogbo siwo le asiwò la wɔ wò nèzu fia? Ɖe nuɖuɖu kple nunono menɔ fofowò si oa? Fofowò wɔ nu si dze eye wòle eteƒe eya ta nu sia nu dze edzi nɛ nyuie.
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu, eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa, elabena mienya be nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔa la mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o.
Yehowa ayra wò kple nuku nyuiwo kple nyi siwo ƒe lãme nyo. Ana nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.