Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 128:1 - Agbenya La

1 Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mɔzɔha. Woayra amesi vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi la.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 128:1
24 Mawu Ofanana  

Melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi. Nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o;


O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa; nu siwo katã le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.


Abe ale si fofo ƒe dɔ me trɔna ɖe viawo ŋuti ene la, nenemae Yehowa kpɔa nublanui na ame siwo vɔ̃nɛ,


Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi kple wo viwo ƒe viwo


Mikafu Yehowa. Woayra ŋutsu si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ vevie le eƒe sewo ŋu.


ayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, suewo kple gãwo siaa.


Woayra ame siwo kpɔtsɔtsɔ mele woƒe mɔwo ŋu o, ame siwo zɔna ɖe Yehowa ƒe se la nu.


Womewɔa vɔ̃ aɖeke o; ke boŋ wozɔna le eƒe mɔwo dzi.


Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.


Mewu mo dzi ɖe togbɛawo ŋu, afi ka nye xɔname atso ava?


Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be, “Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.”


Mewu mo dzi na wò, wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo.


Ne menye Yehowae le mía dzi o la, Israel negblɔ be,


Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la le abe Zion to si meʋãna o, eye wònɔa anyi ɖikaa la ene.


Esi Yehowa kplɔ aboyomeyilawo gbɔe va Zion la, míenɔ abe drɔ̃ekulawo ene.


Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.


ke boŋ Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la me, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi.


“Ɖe wònye nye dukɔ aɖo tom, eye Israel nazɔ nye mɔwo dzi la,


Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.


Wo kple evea wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe.


Le ɣeyiɣi siawo katã me la, tomefafa blibo nɔ hame siwo le Yudea, Galilea kple Samaria nutowo me la me. Esia wɔ be hame la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi, eye wògasẽ ŋu ɖe edzi wu le gbɔgbɔ me hã, eye wonɔ agbe le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã na dzidzeme blibo wo.


Woayra wò le du me kple agble me siaa.


Mlɔeba la, nɔviwo, míefia ale si wòle be mianɔ agbe be miadze Mawu ŋu la mi, eye le nyateƒe me la, miele agbe nɔm nenema. Ke azɔ la, míele mia biam hele ŋusẽ dom mi le Aƒetɔ Yesu me be miagawɔe wu gɔ̃ hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa