Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 127:3 - Agbenya La

3 Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 127:3
22 Mawu Ofanana  

Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.”


Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.”


Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.”


Adam dɔ kple srɔ̃a, Eva, eye wòfɔ fu dzi Kain. Eva gblɔ be, “To Yehowa ƒe amenuveve me la, medzi ŋutsu.”


Egblɔ nam be, ‘Mawɔ wò nàzu dukɔ gã, eye matsɔ Kanaanyigba sia ana wò kple wò dzidzimeviwo, wòanye mia tɔ tegbetegbe.’


Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla. Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron.


Yehowa na vi geɖewom eye wòtia Solomo tso vinyewo dome be wòanɔ tenyeƒe, anɔ Israel fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi.


Ulam ƒe viwo nye aʋawɔla xɔŋkɔwo eye woƒe alɔ dzɔna le aŋutrɔdada me. Viŋutsu kple tɔgbuiyɔvi alafa ɖeka blaatɔ̃ (150) nɔ esi eye wo katã wonye Benyamin ƒe dzidzimeviwo.


Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ nɔ esi,


Woƒe aŋutrɔwo tea ɖekakpuiwo ƒua anyi. Womekpɔa nublanui na funɔdɔmee o, alo ɖeviwo ƒe nu mewɔa nublanui na wo o.


Kpɔ ɖa, nye kple vinye siwo Yehowa nam lae nye esi. Mienye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si le Zion to la dzi la gbɔ.


“Yehowa ana nu nyuiwo wò le anyigba la dzi ale be viwòwo, wò lãwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu abe ale si wòdo ŋugbe ene.


Woayra wò alimeviwo, eye wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, wò nyiwo kple wò alẽwo siaa adzi ɖe edzi.


Viŋutsu blaetɔ̃ kple vinyɔnu blaetɔ̃ nɔ esi. Etsɔ via nyɔnuwo na amedzroŋutsuwo woɖe eye wòkplɔ ɖetugbiwo tso dzronyigbawo dzi vɛ na via ŋutsuwo woɖe. Ibzan nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe adre


Meɖe kuku nɛ be wòana ɖevi siam eye wòna nu si mebiae lam.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa