2 O! Yerusalem, míaƒe afɔwo le wò agbowo nu.
2 Míaƒe afɔwo le tsitre ɖe wò agbowo me, Yerusalem!
Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada, eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu; mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe eŋkɔ.
Wole azɔli dzi tso ŋusẽ me yi ŋusẽ me va se ɖe esime wo dometɔ ɖe sia ɖe nado ɖe Mawu ŋkume le Zion.
Ke azɔ la, metia Yerusalem, be nye ŋkɔ nanɔ afi ma eye azɔ la metia David be wòanɔ nye dukɔ, Israel nu.’ ”
“ ‘Mitsɔ anyi ɖi vɔsamlekpuiwo nam. Miwɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo kple alẽwo kple nyiwo le wo dzi nam. Miɖi vɔsamlekpuiwo ɖe teƒe siwo mafia mi la ko, eye mava yra mi le teƒe mawo.