4 Vavã, eya ame si dzɔa Israel ŋu la, madɔ akɔlɔ̃e loo, alo adɔ alɔ̃ o.
4 Kpɔ ɖa, Israel-ŋudzɔla medɔa akɔlɔ̃e, eye medɔa alɔ̃ hã o.
Esi ɣe ɖo to la, Eliya nɔ alɔme ɖem le wo ŋu be, “Mido ɣli sesĩe! Nyateƒemawue wònye! Ɖewohĩ ele ŋugble dem vevie alo eƒe ŋku biã ɖe dɔ aɖe ŋu alo ezɔ mɔ. Ɖewohĩ ele alɔ̃ dɔm eye wòhiã be woanyɔe.”
Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.
Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe. Ame ka mavɔ̃? Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe, ame ka adzi ŋɔ nam?
Esi mebu ta me be manya nu eye malé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔ le anyigba dzi, esi medɔa alɔ̃ le ŋkeke me loo alo le zã me o ŋuti la,
Nye Yehowae kpɔa edzi. Medea tsii ɣe sia ɣi. Medzɔa eŋu zã kple keli be ame aɖeke magagblẽe o.
Eya ta, “wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ ɖo, eye wosubɔnɛ le eƒe gbedoxɔ me zã kple keli, eye ame si nɔ fiazikpui la dzi la akeke eƒe agbadɔ ɖe wo dzi.