3 Mana wò afɔ naɖiɖi o, eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o.
3 Mana ke naɖe le wò afɔ te o; ŋuwòdzɔla medɔa akɔlɔ̃e o.
Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.
Yehowa adzɔ eŋu, eye wòakpɔ eƒe agbe ta. Yehowa ayrae le anyigba dzi, eye matsɔe ade asi na eƒe futɔwo ƒe didi o.
O! Mawu, ke wò la, àhe ame vɔ̃ɖiwo ayi yɔdo me. Ŋutsu hlɔ̃dolawo kple ameblelawo manɔ agbe wòade agbemeŋkeke siwo nèna wo la ƒe afã hã o. Ke nye la, wò ko dzi meka ɖo.
Eyae kpɔ míaƒe agbe ta, eye mena míaƒe afɔ ɖiɖi o.
Woakɔ wò ɖe woƒe asiwo me, be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.
elabena edzɔa ame dzɔdzɔewo ƒe toƒewo ŋu eye wòkpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ƒe mɔwo ta.
Ekema àlé wò mɔ atsɔ le dedinɔnɔ me eye wò afɔ maɖiɖi o.
elabena Yehowa anye wò dzideƒo eye mana wò afɔ naɖo mɔ me o.
Nye Yehowae kpɔa edzi. Medea tsii ɣe sia ɣi. Medzɔa eŋu zã kple keli be ame aɖeke magagblẽe o.
ame siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo kple Mawu ƒe akpoxɔnu, to xɔse me va se ɖe esime woaɖe ɖeɖe si wodzra ɖo na nuwuwuɣeyiɣiwo la afia.
Adzɔ eƒe ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋu, ke ɖoɖoe azi le ame vɔ̃ɖiwo nu le viviti me. “Menye kalẽ me ame tona ɖua dzi o;