Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 12:6 - Agbenya La

6 Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o, wole abe klosalo si wololo le anyikpo me, eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yehowa be: Metso azɔ le ŋutasesẽ le hiãtɔwo ŋu kple ame dahewo ƒe hũɖeɖe ta, eye mahe xɔname vɛ na amesi le eyome dim la.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 12:6
16 Mawu Ofanana  

“Mawu ya ƒe mɔwo de blibo, Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ. Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee.


elabena ete ame dahewo ɖe to wozu hiãtɔwo eye wòxɔ aƒe siwo metu o.


“Klosalokuƒe li eye teƒe li si wololõa sika le.


Wodo wò ŋugbedodowo katã kpɔ nyuie, eye wò dɔla lɔ̃ wo ŋutɔ.


Mawu ya ƒe mɔwo de blibo, Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ. Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee.


Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, wonana dzi kpɔa dzidzɔ. Yehowa ƒe sewo me kɔ, wonana ame dzea nunya.


Elabena O Mawu, wòe do mí kpɔ, wòe lolõ mí abe klosalo ene.


Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.


O Yehowa, kpɔ ale si nye futɔwo le yonyeme tim ɖa! Kpɔ nye nublanui, eye nàkɔm tso ku ƒe agbowo me,


Yehowa gblɔ nɛ be, “Mekpɔ nye amewo ƒe fukpekpe le Egipte, mese woƒe avifafa le woƒe dɔnunɔlawo ƒe ŋutasesẽ ta. Metsɔ ɖe le woƒe fukpekpe la me,


eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, àkpɔ nu si mawɔ Farao. Le nye alɔ sesẽ la ta, anya wo ado goe, eye le nye asi sesẽ la ta, ado mɔ wo.”


elabena Yehowa axɔ nya ɖe wo nu eye wòaha ame si ha wo.


“Kpɔtsɔtsɔ mele Mawu ƒe nya aɖeke ŋu o; enye akpoxɔnu na ame siwo sii tso.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Matso ɖe wo ŋuti. Maɖe Babilonia ƒe ŋkɔ, ame siwo tsi agbe, viawo kple eƒe dzidzimeviwo ɖa” Yehowae gblɔe.


Yehowa be, “Matso azɔ, woadom ɖe dzi, eye woakɔ nye alɔ ɖe dzi azɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa