Futɔ la gblɔ dadatɔe be, ‘Mati wo yome, matu wo, mama woƒe afunyinuwo. Mana nye didi ɖe wo ŋuti nava eme. Maɖe nye yi tso aku me, eye nye asi atsrɔ̃ wo.’
Ame aɖeke meli si gblɔna be wometso afia dzɔdzɔe o. Ame aɖeke meʋlia eɖokui ta to mɔ dzɔdzɔe dzi o, ke boŋ woɖoa ŋu ɖe nyahehe dzodzrowo ŋu. Wodaa alakpa. Wofɔa fuɖename ƒe fu hedzia nu vɔ̃ɖi.
Woƒe aɖe le abe aŋutrɔ si nu aɖi vɔ̃ɖi le la ene, elabena woƒoa nu bebletɔe, ame sia ame tsɔa eƒe nu ƒoa nu na ehavi bubutɔe, gake le eƒe dzi me la, etre mɔ ɖi nɛ.
“Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be, “ ‘Mawu aɖe menye, menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’ Ke amegbetɔ ko nènye, menye mawu aɖekee nènye o, togbɔ be èbuna be yenya nu abe mawu aɖe ene hã.
Ɖe nàgblɔ le ɣe ma ɣi me be, ‘Mawu aɖee menye’ le ame siwo le wuwòm la ŋkumea? Amegbetɔ ko nènye, mènye mawu aɖeke o, le ame siwo le wuwòm la ƒe asi me.
Gblɔ nɛ be, ‘Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Metso ɖe ŋuwò, Farao, Egipte fia, wò lã gã wɔadã le wò tɔsisiwo me. Egblɔna be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye. Nyee wɔe na ɖokuinye.”
“Esi menɔ dzoawo ŋu bum la, dzo bubu aɖe do ɖe nye ŋkume; dzo sue aɖe koe wònye do ɖe wo dome eye wòho dzo etɔ̃ le dzo gbãtɔwo dome le eŋgɔ. Ŋkuwo nɔ dzo sia ŋu abe amegbetɔ ƒe ŋkuwo ene eye nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe hã nɔ eŋu.