Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 12:2 - Agbenya La

2 Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi, eye wovivia nu me, elabena woƒe nuyiwo blea ame.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Yehowa, xɔ na ame, elabena mawumemewo nu tso, eye anukwaretɔwo bu le amegbetɔviwo dome!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 12:2
25 Mawu Ofanana  

Ame akpe blaatɔ̃ (50,000) tso Zebulon ƒe viwo dome. Wohe wo katã nyuie eye wonɔ David yome kple dzi blibo.


Fiƒode, alakpa kple ŋɔdzidodo yɔ eƒe nu me fũu, eye gbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi le eƒe aɖe te.


Eye le nye moya me, megblɔ be, “Amegbetɔwo katã nye aʋatsokalawo.”


Xɔ nam, eye nàɖem tso amedzrowo ƒe asi me, ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa, eye woƒe nuɖusi blea ame.


ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa, eye woƒe nuɖusi blea ame.


Mègakplɔm kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o, ame siwo ƒoa nu kple aƒelikawo fafɛ, gake vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le woƒe dzi me.


Ame siwo le nye agbe yome tim la tre mɔ nam, ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la le nu ƒom tso nye gbegblẽ ŋuti; ŋkeke blibo la wole ɖoɖo wɔm ɖe alakpadada ŋu.


Ne ame aɖe ɖi tsa va be yeakpɔm ɖa la, edaa alakpa, eƒe dzi ƒoa ameŋugblẽnyawo nu ƒu, eye wòdoa go yina kakanɛ.


Womate ŋu axɔ nya siwo doa go tso woƒe nu me la ɖeka pɛ hã dzi ase o, woƒe dzi yɔ fũu kple gbegblẽ. Woƒe ve me le abe yɔdo si le ʋuʋu ɖi la ene, eye wotsɔa woƒe aɖe gblɔa alakpanyawoe.


Eƒe nuƒo zrɔ̃ dredredre abe notsi kpekpe ene, evɔ aʋawɔwɔ le eƒe dzi me; eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami, gake wonye yi siwo woɖe le aku me lé ɖe asi.


Nya sia nya si doa le wo nu la nye nu vɔ̃, woƒe dada nazu abe mɔ ene aɖe wo, Le fiƒodenya kple alakpanya siwo wogblɔ ta la,


Woɖoe vavã be yewoatutui tso eƒe nɔƒe kɔkɔ la, elabena wolɔ̃a alakpadada. Wotsɔa woƒe nuwo gblɔa yayranyawoe, ke fiƒode le woƒe dzi me. Sela


Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla eya ta ƒo asa na ŋutsu nukpoloeƒola.


Ŋutsu geɖewo gblɔna be lɔlɔ̃ matrɔ le yewo si gake ame ka ate ŋu akpɔ ŋutsu nuteƒewɔla?


Ame si do fuflugba na ehavi la le ɖɔ ɖom na eya ŋutɔ ƒe afɔ.


Eya ta gblɔ na wo be, ‘Esiae nye dukɔ si meɖo to Yehowa, woƒe Mawu la alo ɖoa to ɖɔɖɔɖo o. Nyateƒe tsrɔ̃, eye wòbu le woƒe nuyiwo dzi.


Woƒe aɖe le abe aŋutrɔ si nu aɖi vɔ̃ɖi le la ene, elabena woƒoa nu bebletɔe, ame sia ame tsɔa eƒe nu ƒoa nu na ehavi bubutɔe, gake le eƒe dzi me la, etre mɔ ɖi nɛ.


Elabena aʋatsoŋutegawo alo alakpanukaka la, maganɔ anyi le Israelviwo dome o.


Alea kee ame nyuiwo hã vɔ le anyigba la dzi. Mate ŋu akpɔ ame ɖɔʋu ɖeka hɔ̃ɔ hã o. Ame sia ame le klalo be yeakɔ ʋu ɖi eye ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia.


Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie, eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu.


Abe ale si mienya nyuie ene la, míedze agbagba zi ɖeka pɛ hã kpɔ be míahe mi va mía gbɔe to mia nu beble me o, eye Mawu ŋutɔ hã nya be menye ɖe míebua be míenye mia xɔlɔ̃wo ale be miana ga mí o.


elabena enye dzi eve me susula, eye meli ke le nu siwo katã wòwɔna la me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa