5 Le nye vevesese me, medo ɣli yɔ Yehowa, etɔ nam, eye wòɖe gam.
5 Meyɔ Yehowa le xaxa me, Yehowa tɔ nam hetsɔm ɖo teƒe keke.
Vɔvɔ̃ ɖo Yakob. Ema eƒe amewo kple lãhawo kpakple kposɔwo ɖe akpa eve,
Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
Wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.
Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadzaa; eɖem, elabena nye nu nyo eŋu.
Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu, eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza la ta.
Meyɔ Yehowa le nye xaxa me; medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke, eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me.
Mètsɔm de asi na nye futɔ o, ke boŋ èɖo nye afɔ gbadzaƒe.
Esi meɖo xaxa me la, medi Aƒetɔ la; le zã me la, meke nye abɔwo me, gake ɖeɖi mete wo ŋu o, eye nye luʋɔ gbe akɔfafaxɔxɔ.