9 O! Israel ƒe aƒe, ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye wò kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu.
9 Israel ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu; woƒe xɔname kple akpoxɔnu wònye!
Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la le abe Zion to si meʋãna o, eye wònɔa anyi ɖikaa la ene.
O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si, eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ.
Ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nyui; nɔ anyigba la dzi, eye nàɖu eƒe nu nyuiwo le dziɖeɖi me.
O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi; mitsɔ miaƒe hiahiãwo kɔ ɖe edzi, elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe. Sela
elabena Yehowa Mawue nye ɣe kple akpoxɔnu. Yehowae naa amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o.
Azɔ la, ne miaɖo tom, eye miawɔ nye nubabla dzi la, mianye nye ame tiatiawo le xexemedukɔwo katã dome, elabena tɔnyee nye xexea me katã.
“Kpɔtsɔtsɔ mele Mawu ƒe nya aɖeke ŋu o; enye akpoxɔnu na ame siwo sii tso.
Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye, ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃.
Mawu ƒe ɖoɖo le nu sia mee nye be mí ame siwo nye ame gbãtɔ siwo dze si Kristo la, míakafui, atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ ɖe dɔ gã siwo katã wòwɔ na mí la ta.
Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ! Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe tso Yehowa gbɔ? Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe! Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la. Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò eye nànya avuzi le wo dzi!”