Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 113:6 - Agbenya La

6 eye wòbɔbɔ be yeakpɔ dziƒowo kple anyigba ɖa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 amesi le ame bɔbɔɖeanyiwo kpɔm ɖa le dziƒo kple anyigba dzi la nu?

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 113:6
9 Mawu Ofanana  

Ne Mawu meka ɖe eƒe kɔkɔetɔwo dzi o eye dziƒowo gɔ̃ hã medza le eƒe ŋkume o,


Elabena eyae tea ŋu kpɔa anyigba ƒe mlɔenu ke, eye wòkpɔa nu sia nu si le ɣea te.


Ne Mawu meka ɖe eƒe dɔlawo dzi o eye wòbua fɔ eƒe dɔlawo be woda vo,


Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo. Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu, eye wòdo wo kpɔ.


Togbɔ be Yehowa le dzi me ke hã la, ekpɔa ame dahewo gbɔ, ke edzea si dadala tso adzɔge.


Ele eƒe nɔƒe ke hekpɔ ame siwo katã le anyigba dzi,


elabena ale ame si nye gã, eye wòkɔ wu nuwo katã, ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi, “Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe, gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.


Serafi siwo aʋala ade li na la le etame. Wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume, eve tsyɔ woƒe afɔwo, eye wotsɔ eve bubu le dzodzomii.


Menye nye asie wɔ esiawo katã, eye wova dzɔ oa?” Yehowae gblɔe. “Esiae nye ame si mebuna; ame si bɔbɔ eɖokui, da ahe le gbɔgbɔ me, eye ne ese nye nya la, wòdzona nyanyanya.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa