Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 113:5 - Agbenya La

5 Ame kae le abe Yehowa, míaƒe Mawu la ene, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi le dziƒo,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Amekae ɖe Yehowa, mía Mawu la, amesi bɔbɔ nɔ dzi me,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 113:5
14 Mawu Ofanana  

Yehowa ɖo eƒe fiazikpui anyi ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe le wo katã dzi ɖum.


Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo. Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu, eye wòdo wo kpɔ.


Nye ameti blibo la katã mado ɣli be, “O! Yehowa, ame kae sɔ kpli wò? Wò ame si ɖe ame beliwo tso ame siwo sesẽ wu wo la ƒe asi me, eye nèɖe hiãtɔwo kple ame dahewo tso ame siwo ha wo la ƒe asi me.”


Elabena ame kae le dziŋgɔli me si woatsɔ asɔ kple Yehowa? Le nu gbagbe siwo le dziƒo dome la, kae le abe Yehowa ene?


Le ame kɔkɔewo ƒe adaŋudeha me la ŋɔdzi le Mawu ŋu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu wu ame siwo katã ƒo xlãe.


O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame kae ɖi wò? O! Yehowa, wò la, ŋusẽtɔe nènye, eye wò nuteƒewɔwɔ ƒo xlã wò.


Wòe ɖu atsiaƒu ƒe agbodzedze dzi, ne ƒutsotsoewo le dzi dem la, ènana wodzea akɔ anyi.


“O, Yehowa, ame kae le abe wò ene le mawuwo dome? Ame kae le abe wò ene le kɔkɔenyenye kɔkɔtɔ me, le ŋutikɔkɔe ƒe ŋɔdzi me, eye wòwɔa nukudɔwo?


Woaɖo fiazikpui anyi le lɔlɔ̃ me. Ŋutsu aɖe si atso David ƒe aƒe me la, anɔ edzi le nuteƒewɔwɔ me. Ame sia adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòado dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔ.


Ekema ame ka míatsɔ asɔ kple Mawu, eye nɔnɔme ka míatsɔ asɔ kplii?


Kɔkɔetɔ la be, “Ame ka miatsɔm asɔ kplii alo ame kae sɔ kplim?”


elabena ale ame si nye gã, eye wòkɔ wu nuwo katã, ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi, “Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe, gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.


O Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o; èlolo eye wò ŋkɔ nye ŋusẽ triakɔ.


Ame aɖeke mede Yehowa, Yesurun ƒe Mawu la nu o. Eɖiɖina tso dziƒo Le fianyenye kple ŋutikɔkɔe me be yeaxɔ na wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa