Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 112:5 - Agbenya La

5 Nyui ava na ame si nyoa dɔ me, doa nugbana faa, eye wòwɔa eƒe nuwo to mɔ dzɔdzɔe dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eme anye na ŋutsu, si naa nu ame, eye wòdoa nu na ame; eya ƒe nya aɖu dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 112:5
22 Mawu Ofanana  

Ale meda dzɔla siwo si yi, akplɔ kple dati nɔ la tso ƒome ɖe sia ɖe me ɖe gli la megbe le teƒe siwo gli gbagbãwo meli kɔ ɖo o.


Ame vɔ̃ɖi doa nugbana, eye mexea fea o, ke ame dzɔdzɔe ya naa nu faa.


Yehowa vea ame nyui la nu, ke ebua fɔ ayemenuwɔla ya.


Ame manyanu ƒua asi akɔ eye wòdoa ŋugbe tsɔa eɖokui daa megbee na ehavi si nyi fe.


Ame si wɔa alɔgblɔdɔ le eƒe dɔ ŋuti la nye nugblẽla nɔvi.


Ale àto ame nyuiwo ƒe mɔwo dzi eye àlé ame dzɔdzɔewo ƒe mɔwo ɖe asi.


Wu wò gotadɔwo nu eye nàdzra wò agble me ɖo, ema megbe la, tu wò xɔ.


Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosef, Yudatɔwo ƒe Takpekpegã me nɔla, ame si nye ame nyui kple ame dzɔdzɔe,


“Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ dɔmenyo na wo. Mido nu na wo, eye migakpɔ mɔ na exɔxɔ o. Ne miewɔ esia la, ekema miaƒe fetu asɔ gbɔ le dziƒo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo elabena eya ŋutɔ nyoa dɔme na akpemadalawo kple tagbɔ sesẽ tɔwo hã.


Esi ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie vɔ la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Miƒo abolo wuwlui siwo katã susɔ la nu ƒu be womagaɖi vlo o.”


Barnabas nye ŋutsu dɔmenyotɔ aɖe si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu eye eƒe xɔse hã li ke sesĩe. To ame sia ƒe dɔwɔwɔ me la, ame geɖewo trɔ zu Aƒetɔ la tɔ.


Migagbɔdzɔ le vevidodo nu me o, ke boŋ mixɔ dzo le gbɔgbɔ me, eye misubɔ Aƒetɔ la kple dzi blibo.


Elabena asesẽ hafi ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta, ke ame nyui la, ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eta.


Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene,


Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye be miayɔ fũu, eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo, eye nenema ke, mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me.


Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋu dɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuwɔnawo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa