Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 112:4 - Agbenya La

4 Le viviti me gɔ̃ hã la, kekeli klẽna na ame dzɔdzɔewo, nenema ke wònɔna na ame si vea ame nu, kpɔa nublanui, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Amenuvela, nublanuikpɔla kple dzɔdzɔetɔ nye kekeli dze na nuteƒewɔlawo le viviti me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 112:4
26 Mawu Ofanana  

Wò agbe me akɔ wu ŋdɔkutsu dzati eye viviti anɔ na wò abe ŋdikekeli ene.


Nu si nèɖo la, ava eme na wò eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi.


esi eƒe akaɖi klẽ ɖe nye ta dzi eye eƒe kekeli na mezɔ to blukɔ tsiɖitsiɖi me!


Mikafu Yehowa. Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Yehowa nye amenuvetɔ kple dzɔdzɔetɔ; míaƒe Mawu la yɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ.


Yehowa nye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã dzi, eye wòlɔ̃a eƒe nu siwo katã wòwɔ.


Ana wò dzɔdzɔenyenye nàdze abe ŋdikekeli ene, eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ abe ŋdɔkutsuɣe ene.


Kekeli klẽna ɖe ame dzɔdzɔewo dzi, eye dzidzɔkpɔkpɔ yɔa ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la ƒe dziwo me.


Ame si tia dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ la, tia agbe, dzidzedze kple bubu.


Ame kae le mia dome si vɔ̃a Yehowa, eye wòwɔa eƒe dɔla ƒe nya dzi? Na ame si le viviti me zɔm, akaɖi mele esi o la naka ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, eye wòaɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋuti.


ne ètsi nu dɔ hetsɔ wò nuɖuɖu na dɔwuitɔ, eye nèkpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe hiahiãwo gbɔ la, ekema wò kekeli adze le viviti me, eye wò zã anɔ abe ŋdɔkutsu ene.


Ekema wò kekeli adze abe agudzedze ene, eye wò dɔyɔyɔ ado kaba. Ekema wò dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔ na wò, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe axe megbe na wò.


Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe adze na mi eye dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ anɔ eƒe aʋalawo me. Miazɔ le ablɔɖe me, eye miati kpo akpɔ dzidzɔ abe nyitsui siwo do go tso nyikpo me le ƒoɖiɖi me ene.


“Mizu nublanuikpɔlawo abe ale si mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.


Nye la, meva xexea me abe kekeli ene, be ame si xɔ dzinye se la manɔ viviti me o.


Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene.


Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene,


(Elabena kekeli ƒe kutsetse nye dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe),


Ne mienyae be enye dzɔdzɔetɔ la, ekema ame sia ame si wɔa nu dzɔdzɔe la nye via.


To esia me míedea vovototo Mawu viwo kple Abosam ƒe viwo dome. Ame si mewɔa nu si le eteƒe o la menye Mawu vi o. Nenema ke ame si melɔ̃a nɔvia o la menye Mawu vi o.


Vinye lɔlɔ̃awo, migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o. Ame si wɔa nu nyui la, enye ame dzɔdzɔe abe ale si eya hã le dzɔdzɔe ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa