Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 11:7 - Agbenya La

7 Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ; ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena Yehowa enye nuteƒewɔla, eye wòlɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ; dzime dzɔdzɔe tɔwo akpɔ eƒe ŋku me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 11:7
20 Mawu Ofanana  

Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o, eɖoa wo zi dzi ɖe fiawo xa eye wòdoa wo ɖe dzi tegbetegbe.


Yehowa ʋua ŋku na ŋkuagbãtɔwo, Yehowa fɔa ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo ƒe nya.


Ke nye la, makpɔ wò ŋkume le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ hekpɔ wò nɔnɔme ko la, maɖi ƒo.


Vavã ènae yayra si nu meyina o, eye nèna dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotsoe le ŋkuwò me.


Ke Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi,


Yehowa lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ; anyigba yɔ fũu kple eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o.


Yehowa ƒe ŋku le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu;


Elabena Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo, eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o. Akpɔ wo ta tegbee, ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo.


O! Nye luʋɔ, nu ka ŋuti nèle nu xam? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.


Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nètsri nu vɔ̃ɖi wɔwɔ; eya ta Mawu, wò Mawu la ɖo wò nèkɔ gbɔ fia bubuwo ta to dzidzɔkpɔkpɔ ƒe amisisi na wò me.


Kotoklobo, lifi kple atike ʋeʋĩ le ya ɖem le wò awuwo me. Kasaŋkuwo na nèle aseye tsom le wò nyiɖufiasawo me.


O! Yehowa, èyraa ame dzɔdzɔewo vavã, eye nètsɔa wò amenuveve ƒoa xlã wo abe akpoxɔnu ene.


Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe, Mawu si ɖea eƒe dɔmedzoe fiana gbe sia gbe.


O! Mawu dzɔdzɔetɔ, ame si dzroa susuwo kple dziwo me, na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso, eye nàna dedinɔnɔ ame dzɔdzɔewo.


Fia la nye ŋusẽtɔ, elɔ̃a afia nyui tsotso, wò la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi, eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me.


Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ, ke elɔ̃a ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome la ƒe mɔ.


“Elabena nye Yehowa, melɔ̃ nuteƒewɔwɔ. Metsri adzodada kple nu vɔ̃. Maɖo eteƒe na wo le nye nuteƒewɔwɔ me, eye mabla nu mavɔ kpli wo.


Elabena Aƒetɔ la ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le te ɖe woƒe gbedodoɖa ŋu, ke Aƒetɔ la tsia tsitre ɖe ame siwo wɔa nu vɔ̃ la ŋuti.”


Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye le etsɔ megbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene.


Woakpɔ eƒe ŋkume, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa